Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Tito 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Gblɔ nusiawo, eye naxlɔ̃ nu, eye naka mo kple ŋusẽ katã! Megana amea ɖeke nado vlo wò o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Eya ta fia nu siawo. De dzi ƒo na wò ameawo, eye nàka mo na wo kple ŋusẽ katã. Mègana ame aɖeke nado vlo wò o.

Onani mutuwo Koperani




Tito 2:15
10 Mawu Ofanana  

elabena ele nu fiãm wo abe amesi si ŋusẽ le ene, eye menye abe woƒe agbalẽfialawo ene o.


Eye kuvia ɖo wo le eƒe nufiafia la ŋuti; elabena efia nu wo abe amesi si ŋusẽ le la ene, eye menye abe agbalẽfialawo ene o.


Eye wòwɔ nuku na wo katã, nenem bena, wobia wo nɔewo bena: Nuka enye esia? Nufiafia yeye! Etsɔ ŋusẽ dea se na gbɔgbɔ makɔmakɔwo, eye woɖoa toe.


Eye kuvia ɖo wo katã, eye wogblɔ le wo nɔewo dome bena: Nuka nyae nye esi ma? Elabena ekpɔ mɔ kple ŋusẽ hedea se na gbɔgbɔ blibawo, eye woɖoa go.


Eyata amea ɖeke magado vloe o! Ke miɖoe ɖa le ŋutifafa me boŋ, bene wòava gbɔnye, elabena mele eya kple nɔviawo lalam.


Amesiwo wɔ nuvɔ̃ la, ka mo na wo le amewo katã ŋku me, bene mamleawo hã navɔ̃.


Ɖe gbe ƒã nya la, nɔ edzi, vovoɣi li alo vovoɣi meli o, ka mo, gbe nya, xlɔ̃ nu le dzigbɔɖeanyi kple nufiafia katã me.


Ɖaseɖiɖi sia nye nyateƒe; le esia ta ka mo na wo vevie, bene woanɔ blibo le xɔse me,


Ne amea ɖe le nya gblɔm la, negblɔe abe mawunya ene; ne amea ɖe le subɔsubɔm la, netsɔ ŋusẽ, si Mawu tsɔ kee la subɔ, bene woakafu Mawu le nuwo katã me to Yesu Kristo dzi, amesi tɔ lanye ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi ɖe mavɔ me! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa