Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Tito 1:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 amesi léa nyateƒenya la me ɖe asi le nufiafia la nu, bena wòate ŋu axlɔ̃ nu le nufiafia, si le blibo la me, eye woaka mo na ɖeklemiɖelawo.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ele nɛ be wòalé nyateƒenya la me ɖe asi sesĩe abe ale si wofiae ene, ale be eya hã natsɔ nu dzɔdzɔe fiafia ade dzi ƒo na ame bubuwo, eye wòatsi ɖeklemiɖelawo ƒe nya nu.

Onani mutuwo Koperani




Tito 1:9
24 Mawu Ofanana  

Yehowa gblɔ na Satana be: Ele ŋku ɖe nye dɔla Hiob ŋua? Elabena enye ame maɖifɔ, ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi, ye amea ɖeke mede enu le anyigba dzi o. Egale eƒe dzɔdzɔenyenye me ɖe asi ko, ke woa ède adã ta me nam, be magblẽ edome naneke mawɔmawɔe.


Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi sesie, eye nyemaɖe asi le eŋu o, nye dzi maɖo vlo nye ŋkekewo dometɔ ɖeka hã o.


Ƒle nyateƒe, nunya, amehehe kple gɔmesese, eye megatsɔ wo dzra o!


elabena etso ŋusẽ ɖu Yudatɔwo dzi, eye wòfia to ŋɔŋlɔ la me le ablɔ me bena, Yesu ye nye Kristo la.


Ke nenye wo katã gblɔa nya ɖi, eye dzimaxɔsetɔ alo numanyamanyatɔa ɖe va ge ɖe eme la, wo katã woaƒo nya ɖe enu wòagloe, eye wo katã woadrɔ̃ ʋɔnui,


Ke mido nuwo katã kpɔ, eye milé nu nyui la me ɖe asi.


Eyata azɔ, nɔviwo, minɔ tsitre sesĩe, eye milé nuɖoanyi, si wofia mi, eɖanye to nya alo to míaƒe agbalẽ me o la, ɖe asi.


kple ahasiwɔlawo kple amesiwo dɔna kple ŋutsuviwo kple amesiawo kple aʋatsokalawo kple atam dzodzro kalawo, eye ne nu bubua ɖe li, si tsi tre ɖe nufiafia, si le blibo la ŋuti


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe keŋ bena, Kristo Yesu va xexeame, nuvɔ̃wɔlawo ɖe ge, amesiwo dome menye gãtɔ le.


eye nalé xɔse kple dzitsinya nyui ɖe asi, nusi amea ɖewo tso ƒu gbe, eye wodze go le xɔse gome abe ʋu dzego ene;


Nyateƒenya wònye, eye wòdze be, woaxɔe blibo.


Fia nusiawo, eye nanɔ nuxɔxlɔ̃ dzi! Ne amea de fia nu bubu, eye meléna de Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe nya, siwo le blibo, kple nufiafia, si le mawusubɔsubɔ nu la, nu o la,


Lé nya, siwo le blibo, siwo nèse le nunye la ƒe kpɔɖeŋu me ɖe asi le xɔse kple lɔlɔ̃, si le Kristo Yesu me la me.


eye nusiwo nèse tso gbɔnye le ɖaseɖila geɖewo dome la, nu mawo ke natsɔ ade asi na ame wɔnuteƒewo, amesiwo ate ŋu afia nu ame bubuwo hã.


amesi gbea nya le dzigbɔɖeanyi me na amesiwo tsia tre ɖe mawunya ŋu, ɖewo Mawu ana dzimetɔtrɔ wo, bene woadze si nyateƒe la,


Ke wò la nɔ nusiwo nesrɔ̃, eye nèkpɔ kakaɖedzi le wo me la me; elabena ènya amesiwo gbɔ nèsrɔ̃e le,


Elabena ɣeyiɣi le vava ge, esime womaxɔ nufiafia, si le blibo la o; ke boŋ, le alesi tome fiẽ wo nu la, woaƒo nufialawo nu ƒu na wo ɖokui le woa ŋutɔwo ƒe nudzodzrowo la nu.


amesiwo nu wòle be, woatsi nya ɖo, amesiwo trɔ ƒome blibo geɖewo ƒe tame hele nu dzodzrowo fiãm le viɖe ƒoɖi ta.


Ke wò la gblɔ nusiwo dze nufiafia, si le blibo,


Lɔlɔ̃tɔwo, esi medo vevie ŋutɔ, bena maŋlɔ nya le mi katã miaƒe xɔxɔ la ŋuti aɖo ɖe mi la, ezu dzizizi nam be, maŋlɔe atsɔ axlɔ̃ nu mi, bene miaʋli xɔse, si wode asi na ame kɔkɔewo zi ɖeka ɖe ɣeyiɣiawo katã nu la ta.


negbe nusi le mia si la, milé eme ɖe asi sesĩe, vaseɖe esime mava.


Kpɔ da, megbɔna kaba; lé nusi le asiwò me la, ɖe asi sesĩe, bena amea ɖeke nagaxɔ wò fiakuku la o.


Eyata ɖo ŋku nusi nèxɔ, eye nèse la dzi, eye nèlé eme ɖe asi, eye natrɔ le wò dzi me. Ne mènɔ ŋudzɔ azɔ o la, ekema mava ado ɖe dziwò abe fiafitɔ ene, eye manya gaƒoƒo, si dzi mava ado ɖe dziwò o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa