Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Tito 1:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Ame siwo dza la, nu sia nu le dzadzɛe na wo, ke ame siwo me gbegblẽ le, eye womexɔe se o la, naneke mele dzadzɛe le wo gbɔ o. Le nyateƒe me la, woƒe susu kple dzitsinya katã me do viviti.

Onani mutuwo Koperani




Tito 1:15
21 Mawu Ofanana  

Ame vɔɖiwo ƒe akaɖi enye nuvɔ̃, dadaŋkuwo kple dzi, si vu gblotoo.


nenema nye dzidzime, si buna be, yedza, gake mele eƒe ɖiƒoƒo kpɔm o;


Eye Xagai gblɔ bena: Ne amea ɖe gblẽ kɔ ɖo na eɖokui ɖe ame kuku ŋu, eye wòka, asi nusiawo katã ŋu la, ɖe woawo hã azu nu makɔmakɔa? Nunɔlawo ɖo ŋu gblɔ bena: Woazu nu makɔmakɔ.


Ke nusiwo doa go tsoa nu me la, woawo doa go tso dzi me, eye nenem nu mawo ƒoa ɖi ame.


Eye gbe la gagblɔ na zi evelia bena: Nusi ŋuti Mawu kɔ la, wò la megayɔe be nu dzodzro o.


Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na.


Megagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nuɖuɖu ta o! Nusianu ŋuti kɔ hafi; gake la enye vɔ̃ na amesi ɖui le nuɖiaɖia me.


Ke amesi le ɖi kem, ne eɖui la, wobu fɔe, elabena èwɔ nusi metso xɔse me o; ke nusianu, si metso xɔse me o la, nuvɔ̃ wònye.


Woɖe nuwo katã ƒe mo na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.


Nusianu, si wodzrana le lãƒleƒe la, miɖui faa, eye migabia eta se le dzitsinya ŋuti o.


Azɔ la ne miele nu ɖum alo miele nu nom alo miele dɔa ɖe wɔm la, miwɔ ye katã na Mawu ƒe kafukafu,


Ke menye amewo katã mee sidzedze sia le o; ke amea ɖewo li, siwo ƒe tamesusuwo gale trɔ ŋuti vaseɖe egbegbe sia, eye woɖunɛ abe trɔ̃wo ƒe vɔsa ene, eye esi woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ŋuti la, eyata woƒo ɖii.


kple nyahehe dzodzro vɛ le ame tamegbegblẽtɔ, siwo si woha nyateƒe le amesiwo buna bena, mawusubɔsubɔ enye viɖenu la dome. Te ɖokuiwò ɖa le nenem me siawo gbɔ.


mina miatsɔ dzi nyateƒetɔ ate va le xɔse ƒe kakaɖedzi blibo me, abe amesiwo wòklɔ dzitsinya vɔ̃ ɖa tso woƒe dziwo me, eye wotsɔ tsi zɔzrɔ̃e le na woƒe ŋutilã ene;


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa