Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 4:6 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

6 Tete srɔ̃ɖia la gblɔ bena: Nyemate ŋu axɔe na ɖokuinye o, ne nye domenyinu nagagblẽ o; ke boŋ wòa xɔ nusi maxɔ hafi la, na ɖokuiwò, elabena nyemate ŋu axɔe o!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

6 Ŋutsu la ɖo eŋu be, “Ekema nyemate ŋui o, elabena Rut viŋutsu ava anyi nye hã nye dome, eye wòagblẽ vinyewo ƒe domenyinuwo me, eya ta àte ŋu aƒlee faa.”

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 4:6
8 Mawu Ofanana  

Tete Yuda gblɔ na Onan bena: Ɖe nɔviwò srɔ̃ ahoe, bena nado ƒome ɖi na nɔviwò.


Ne nɔviwò ɖo ko, eye wòtsɔ eƒe nu dzra, eye eƒe ƒometɔ va, be wòagaxɔ nua la, ekema wòagaxɔ nusi nɔvia tso dzra la.


Ke ne medze ŋutsu la ŋu be, wòaɖe nɔvia srɔ̃ o la, ekema nyɔnu la nayi ame tsitsiwo gbɔ le ʋɔnu agblɔ bena: Srɔ̃nye nɔvi gbe be, yemalé ye nɔvi ƒe ŋkɔ ɖe te le Israel o; egbe be, yemaɖem o.


Emegbe dumegãwo nana woayɔ ŋutsu la vɛ, eye woaƒo nu kplii; ke ne ele dzi gblɔ be, eɖeɖe mele ye dzrom o la,


ekema nɔvia srɔ̃ nate ɖe eŋu le ame tsitsiawo ŋku me, eye wòaɖe afɔkpa le afɔ ne, aɖe ta ɖe mo nɛ ahagblɔ bena: Ale woawɔ ŋutsu, si be, yemalé ye nɔvi ƒe aƒe ɖe te o la, enye si.


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.


Tsi afisia dɔ, eye ne ŋu ke wòbe, yeaxɔ wò la, enyo nexɔ wò; ke ne egbe be, yemaxo wò o la, ekema meta Yehowa ƒe agbe be, maxɔ wò. Mlɔ anyi vaseɖe ŋu nake!


Tete wògblɔ bena: Wò amekae? Eɖo ŋu bena: Nye Rut, wò dolanyɔnue; keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa