Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 4:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Tete duametɔ, siwo katã le agboa nu kple ame tsitsiawo gblɔ bena: Míawoe nye ɖasefo! Yehowa nawɔ na nyɔnu, si le aƒewò me va ge la, abe Raxel kple Lea, nyɔnu, siwo kple eve ɖo Israel ƒe aƒe la tè dzi la ene! Wò alɔ nede dzi le Efrata, eye wò ŋkɔ nenyɔ le Betlexem!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Ale ame siwo katã nɔ agboa nu la gblɔ be, “Míenye ɖasefowo. Yehowa nana be nyɔnu sia, ame si gbɔna wò aƒe me fifia la nazu abe Rahel kple Lea, ame siwo tu Israel ƒe aƒe la katã la ene. Wò alɔ nade dzi le Efrata, eye nàxɔ ŋkɔ le Betlehem.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 4:11
24 Mawu Ofanana  

Ke Efron le Xitiviawo dome Eye Efron Xititɔ la ɖo ŋu na Abraham le Xitiviwo kple amesiwo katã va dua me la ƒe ŋku me bena:


Eye woyra Rebeka gblɔ nɛ bena: Wò, mía nɔvinyɔnu, nadzi ame akpe nanewo, eye viwòwo natsɔ woƒe futɔwo ƒe duwo anyi domee!


Nyɔnuvi eve le Laban si, xoxoetɔ ŋkɔ nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔ nye Raxel.


Ke esi ŋu ke la, ekpɔ be, Lea ye. Eye wògblɔ na Laban bena: Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye? Alo menye Raxel ta mesubɔ wò ɖo oa? Nukaŋuti nèblema?


Eye Lea fɔ fu dzi ŋutsuvi, eye wòna ŋkɔe bena Ruben; elabena egblɔ be: Yehowa kpɔ nye nublanui, azɔ srɔ̃nye alɔ̃m.


Eye viŋutsu wuieve le Yakob si. Lea viŋutsuwo nye Ruben, Yakob ƒe ŋgɔgbevi, eyome Simeon, Lewi, Yuda, Isaxar kple Zebulon.


Raxel viŋutsu wo nye Yosef kple Benyamin.


Eye woŋlɔ agbalẽ ɖe Axab ƒe ŋkɔ dzi, etsɔ eƒe ŋkɔsigɛ ɖo ŋkɔ edzi, eye wòɖo agbalẽ la ɖe eƒe dumegãwo kple bubumewo, amesiwo kple Nabot wole afi ɖeka.


Salma, si nye Betlexem fofo; Xaref, si nye Bet-Gader fofo.


Kpɔ ɖa, míese eŋkɔ le Efrata, eye míekpɔe le Yaar-gbegbe.


Nyɔnuwo ƒe nunya tua woƒe xɔ; ke bometsitsi tsɔa eya ŋutɔ ƒe asi gbãnɛ ƒua anyi.


Wonyaa srɔ̃a, ne eya kple anyigba dzi ame tsitsiwo wole ʋɔnuɖrɔ̃ƒe.


Meŋlɔe ɖe agbalẽ me, eye metre enu, meɖe ɖasefowo, eye meda ga la le nudanu me.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


„Eye wò Betlexem le Yuda-nyigba dzi, menye suetɔ nènye le Yuda ƒe fiaduwo dome kura o; elabena wò me fia, si le nye dukɔ Israel nyi ge la, ado atso.“


Ke ne medze ŋutsu la ŋu be, wòaɖe nɔvia srɔ̃ o la, ekema nyɔnu la nayi ame tsitsiwo gbɔ le ʋɔnu agblɔ bena: Srɔ̃nye nɔvi gbe be, yemalé ye nɔvi ƒe ŋkɔ ɖe te le Israel o; egbe be, yemaɖem o.


ekema nɔvia srɔ̃ nate ɖe eŋu le ame tsitsiawo ŋku me, eye wòaɖe afɔkpa le afɔ ne, aɖe ta ɖe mo nɛ ahagblɔ bena: Ale woawɔ ŋutsu, si be, yemalé ye nɔvi ƒe aƒe ɖe te o la, enye si.


Ŋutsu la ŋkɔ nye Elimelex, eye srɔ̃a ŋkɔ nye Naomi, viaŋutsu eveawo ŋkɔ-wo nye Maxlon kple Xilion. Wonye Efrayimtɔwo tso Betlexem-Yuda, eye woʋu va Moab-nyigba dzi henɔ afima.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa