Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 3:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Tete wògblɔ bena: Wò amekae? Eɖo ŋu bena: Nye Rut, wò dolanyɔnue; keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Ebiae be, “Wò ame kae?” Rut ɖo eŋu be, “Nye Rut, wò dɔlanyɔnue, nye aƒetɔ. Keke wò avɔ ɖe wò dɔlanyɔnu dzi, elabena srɔ̃ɖia nènye.”

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 3:9
10 Mawu Ofanana  

Tete meva to ŋuwò yi, eye mekpɔ be, wò srɔ̃ɖeɣi ɖo; mekeke nye aʋala ɖe dziwò, eye metsyɔ nu wò ama, meka atam na wò, eye mebia nu kpli wò nèzu tɔnye; Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe.


Elabena amesiame, si ado eɖokui ɖe dzi la, woabɔbɔe ɖe anyi, eye amesi abɔbɔ eɖokui ɖe anyi la, woadoe ɖe dzi.


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.


Eye wògblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye! Eɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.


Nyateƒe, nyee nye srɔ̃ɖia hafi; ke srɔ̃ɖia bubu li, esi tsɔ ɖe gbɔwò wum.


Le zãtiƒe la ŋutsu la ɖi vo, eye wòbi kɔ, eye kpɔ ɖa, nyɔnua ɖe mlɔ eƒe afɔde.


Eyata meɖo be, maka eta na wò bena: Xɔe ƒle le nyaselawo kple nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo ŋku me! Ne èbe, yeaxɔe la, xɔe; ke ne èbe, yemaxɔe o la, gblɔe nam, ne mase! Elabena srɔ̃ɖia bubua ɖeke megali kpe ɖe ŋuwò o, negbe nye koe gale yowòme. Eɖo ŋu bena: Maxɔe!


Tete srɔ̃ɖia la gblɔ bena: Nyemate ŋu axɔe na ɖokuinye o, ne nye domenyinu nagagblẽ o; ke boŋ wòa xɔ nusi maxɔ hafi la, na ɖokuiwò, elabena nyemate ŋu axɔe o!


Tete wòtsi tre, eye wotsyɔ mo anyi gblɔ bena: Kpɔ ɖa, wò dɔlanyɔnu aklɔ eƒe aƒetɔ ƒe dɔlawo ƒe afɔ ŋu abe kosi ene.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa