Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 3:12 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

12 Nyateƒe, nyee nye srɔ̃ɖia hafi; ke srɔ̃ɖia bubu li, esi tsɔ ɖe gbɔwò wum.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

12 Ke kuxi ɖeka aɖe le nya la ŋu. Enye nyateƒe be wò ƒometɔe menye, ke ame bubu aɖe gali si do ƒome kpli wò wum.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 3:12
7 Mawu Ofanana  

Eyaŋuti nusianu, si mielɔ̃na bena, amewo nawɔ na mi la, miawo hã miwɔ nenema ke na wo; elabena esia enye se la kple nyagblɔɖilawo.


eye amea ɖeke nagaba nɔvia, eye wòatafae le dɔwɔwɔ me o; elabena Aƒetɔ lae nye nusiawo katã ƒe hlɔ̃biala, abe alesi miegblɔ tsã, eye míeɖi ɖase na mi la ene.


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.


Eyata, vinye, megavɔ̃ o! Mawɔ nusiwo katã nègblɔ la na wò; elabena nye dukɔ ƒe du blibo la nyae bena, nyɔnu zãzɛ nènye.


Tsi afisia dɔ, eye ne ŋu ke wòbe, yeaxɔ wò la, enyo nexɔ wò; ke ne egbe be, yemaxo wò o la, ekema meta Yehowa ƒe agbe be, maxɔ wò. Mlɔ anyi vaseɖe ŋu nake!


Eye Boas yi agbo nu hebɔbɔ nɔ afima. Eye kpɔ ɖa, srɔ̃ɖia, si ŋu Boas ƒo nu, le la, va yina, eye wògblɔ bena: Xɔ̃, va bɔbɔ nɔ afi! Eye wòyi ɖabɔbɔ nɔ anyi.


Eyata meɖo be, maka eta na wò bena: Xɔe ƒle le nyaselawo kple nye dukɔ la ƒe ame tsitsiwo ŋku me! Ne èbe, yeaxɔe la, xɔe; ke ne èbe, yemaxɔe o la, gblɔe nam, ne mase! Elabena srɔ̃ɖia bubua ɖeke megali kpe ɖe ŋuwò o, negbe nye koe gale yowòme. Eɖo ŋu bena: Maxɔe!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa