Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 2:10 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

10 Tete wòɖe ta agu hegblɔ nɛ bena: Aleke nève nunye, eye nèbu nye amesi nye amedzro la ale gbegbe?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

10 Nya siawo sese na Rut de ta agu, tsyɔ mo anyi, eye wògblɔ be, “Nu kae na nètsɔ ɖe le nye nya me? Nu ka ta nève amedzro aɖe nu ale ɖo?”

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 2:10
19 Mawu Ofanana  

Esi wòfɔ mo te la, kasia ekpɔ ŋutsu etɔ̃ le tsitre le eŋgɔ ɖa; eye esi wòkpɔ wo ko la, eƒu du tso eƒe agbadɔ nu yi ɖakpe wo, eye wobɔbɔ tsyɔ mo anyi.


Eye wòva zɔ wò dɔla gɔme na nye aƒetɔ fia la; ke nye aƒetɔ fia la le abe Mawu ƒe ɖɔla ene, eyata wɔ nusi dze ŋuwò!


Eye fia Dawid yi ɖabɔbɔ nɔ Yehowa ŋku me hegblɔ bena: Aƒetɔ Yehowa, ameka menye, eye nuka nye aƒe nye be, nèkplɔm vaseɖe fifi?


Ke eya de ta agu gblɔ bena: Ameka nye wò dɔla, be nètrɔ ɖokuiwò ɖe nye, amesi nye avũ kuku la ŋu?


Amedzro nanɔ mia gbɔ abe duamevi ene, eye nalɔ̃e abe ɖokuiwò ene; elabena miawo hã míenye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi. Nyee nye Yehowa, mia Mawu!


Elabena dɔ wum, eye miena nuɖuɖum; tsikɔ wum, eye miena tsim; amedzro menye, eye miexɔm medze mia gbɔ.


Eye afika gɔ̃ nusia tso bena, nye Aƒetɔ la dada va gbɔnye mahã?


bena ekpɔ eƒe dɔlanyɔnu ƒe bɔbɔnyenye ɖa; elabena kpɔ ɖa, tso esia dzi la ƒomewo katã woayɔm be yayrame,


Miaƒe lɔlɔ̃ na mia nɔewo nayɔ fũ kple dadavilɔlɔ̃, mitre mia nɔewo bubu!


Boas ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Wogblɔ nusiwo katã nèwɔ na lɔ̃xowò, le srɔ̃wò ƒe ku megbe kple alesi nègblẽ fofowò kple dawò kpakple mia de ɖi heʋu va ɖukɔi, si mènya tsã o gbɔ la nam


Tete wògblɔ bena: Nye aƒetɔ, ne ènya ve nunye ko, elabena èfa akɔ nam, eye nèƒo nu kple wò, dɔlanyɔnu xɔlɔ̃tɔe, evɔ wònye nyemeɖe wò dɔlanyɔnuwo dometɔa ɖeke nu o hafi!


Eye lɔ̃xoa biae bena: Afika nèyi ɖafɔe le egbea? Eye afika nèwɔ do le? Woayra amesi bu wò ale! Tete wòto amesi gbɔ wòwɔ dɔ le la, na lɔ̃xoa gblɔ bena: Ŋutsu, si gbɔ mewɔ dɔ le la, ŋkɔ nye Boas.


Eye Rut, Moab-nyɔnu la, gblɔ na Naomi bena: Mayi agble me aɖafɔ lu dzɔdzɔewo le amesi ave nunye la yome. Eye wògblɔ ne bena: Heyi, vinye!


Afisiafi, si wole nu xam le agblea me le nèkpɔ la, ɖze wo yome, elabena mede se na dɔlawo bena, womegaɖe fu na wò o; eye ne tsikɔ le wuwòm la, yi ɖe zeawo gbɔ nano tsi, si dɔlawo du ɖi!


Esi Abigail kpɔ Dawid la, ewɔ kaba ɖi le tedzi la dzi, eye wòde ta agu ɖe Dawid ŋku me hebɔbɔ ɖe anyigba.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa