Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 1:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa eveawo bena: Mitrɔ, eye mia dome amesiame negbugbɔ yi dadaa ƒe me! Yehowa ave mia nu, abe alesi mieve mía kple ame kukuawo nui ene!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke esi wonɔ mɔa dzi yina la, Naomi trɔ eƒe susu, eye wògblɔ na lɔ̃xoyɔvi eveawo be, “Mitrɔ miayi aƒe le mia dzilawo gbɔ. Yehowa nave mia nu abe ale si miewɔ nyui na mia srɔ̃wo kple nye ŋutɔ ene.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 1:8
14 Mawu Ofanana  

Eyata Yehowa ave mia nu, eye wòaɖi anukware na mi, eye nye hã mawɔ nyui sia tɔgbe na mi, le esi miewɔ nusia la.


Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo abe Aƒetɔ la ene;


Mi nyɔnuwo la, mibɔbɔ mia ɖokui na mia srɔ̃wo, abe alesi wòdze le Aƒetɔ la me ene.


esi mienya bena, miaxɔ domenyinyi ƒe teƒeɖoɖo tso Aƒetɔ gbɔ la. Miesubɔ Aƒetɔ Kristo!


Ke wo ame eve la Maxlon kple Xilion hã ku; ale nyɔnu laƒeviwo kple eve kpakple srɔ̃a wogblẽe ɖi.


Ale wòʋu tso afisi wònɔ la, eye lɔ̃xoa eveawo kplɔe ɖo; eye wodze mɔ, be yewoagbugbɔ ayi Yuda-nyigba dzi.


Yehowa ana miakpɔ dzudzɔ le mia srɔ̃wo ƒe me! Eye wòɖuɖɔ nu na wo; tete wofa avisesĩe


Tete Naomi gblɔ na lɔ̃xoa bena: Yehowa, si mete eƒe amenuveve agbagbeawo kple kukuawo o la, ayrae! Eye Naomi gblɔ nɛ bena: Ŋutsu la míaƒe ƒometɔe, eye mía srɔ̃ɖia wònye.


Eye wògblɔ bena: Yehowa ayra wò, vinye! Eɖe wò lɔlɔ̃ fia fifia wu tsã; elabena mèdze ɖekakpuiwo, ame dahe alo hotɔwo yome o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa