Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 1:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Ŋutsu la ŋkɔ nye Elimelex, eye srɔ̃a ŋkɔ nye Naomi, viaŋutsu eveawo ŋkɔ-wo nye Maxlon kple Xilion. Wonye Efrayimtɔwo tso Betlexem-Yuda, eye woʋu va Moab-nyigba dzi henɔ afima.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ŋutsu la ŋkɔe nye Elimelek, srɔ̃a ŋkɔe nye Naomi, eye wo viŋutsu eveawo ŋkɔwoe nye Maxlon kple Kilion. Wonye Efraimtɔwo tso Betlehem, Yuda heʋu va Moabnyigba dzi, eye wonɔ afi ma.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 1:2
11 Mawu Ofanana  

Emegbe la Raxel ku, eye woɖu ɖe Efrat, si enye Betlexem, mɔ to.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Eye ɖekakpuia ɖe tso Betlexem-Yuda le Yuda ƒe ƒome la me; enye Lewitɔ, eye wònye amedzro le afima.


Ale Moabitɔwo ge ɖe Israel ƒe asi te ɣemaɣi, eye anyigba dzi la ƒe blanyi sɔŋ.


Esi Naomi srɔ̃ Elimelex ku, eye eya kple viaŋutsu eveawo kpɔtɔ la,


Ke wo ame eve la Maxlon kple Xilion hã ku; ale nyɔnu laƒeviwo kple eve kpakple srɔ̃a wogblẽe ɖi.


Eye Naomi srɔ̃ ƒe ƒometɔa ɖe tso Elimelex ƒe ƒome la me, amesi ŋkɔ nye Boas, eye alɔme le esi ŋutɔ


Tete Boas gblɔ na ame tsitsiawo kple duametɔwo katã bena: Miawoe nye ɖasefo egbea be, mexɔ Elimelex ƒe nuwo katã kpakple Xilion kple Maxlon ƒe nuwo katã ƒle le Naomi si.


Ŋutsua ɖe tso Ramatayim-Zofim le Efrayim-to la dzi, eŋkɔ nye Elkana, amesi nye Yeroxam vi, amesi nye Elihu vi, amesi nye Toxu vi, amesi nye Zuf vi, eye wònye Efrayimtɔ.


Dawid enye Efrattɔ ma, si tso Betlexem le Yuda, amesi ŋkɔ nye Isai la, ƒe vi; viŋutsu enyi le esi, eye wònye amegã ɖeɖi le ŋutsuwo dome le Saul ŋɔli.


Eye Israel kple Filistitowo ƒe aʋalɔgoawo dze aʋa hedze ŋgɔ wo nɔewo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa