Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 1:16 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

16 Ke Rut gblɔ bena: Megaƒoe ɖe nunye be, magblẽ wò ɖi agbugbɔ le yowòme o! Ke boŋ afisi nayi la, afima mayi; afisi natsi la, afima matsi; wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

16 Rut ɖo eŋu be, “Mègaƒoe ɖe nunye be magblẽ wò ɖi alo matrɔ le yowòme o. Afi si nàyi la, afi mae mayi, eye afi si nànɔ la, afi mae manɔ. Wò dukɔ anye nye dukɔ, eye wò Mawu anye nye Mawu.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 1:16
23 Mawu Ofanana  

Ke Itai ɖo ŋu na fia la gblɔ bena: Meta Yehowa ƒe agbe kple nye aƒetɔ fia ƒe agbe: Afisi nye aƒetɔ fia ano la, afima eƒe dɔla anɔ, eɖanye ku me alo agbe me o!


Fianyɔnuwo le wò ame veviwo dome; fiasrɔ̃ le Ofir-sikanuwo me tsi tre ɖe wò nuɖusi me.


Xɔlɔ lɔ̃a ame ɣesiaɣi, eye wòtrɔna dzɔa ame nɔvi le hiã me.


Elabena Yehowa ave Yakob nu, eye wòagatia Israel ahakplɔ wo aɖo woƒe anyigba dzi, du bubu me tɔwo akpe ɖe wo ŋu, eye woaku ɖe Yakob ƒe aƒe la ŋu.


Tete fia la gblɔ na Daniel bena; Nyateƒee, miaƒe Mawu la enye mawuwo dzi Mawu kple fiawo dzi Aƒetɔ kpakple nya ɣaɣlawo defiala; elabena èle ŋu ɖe nya ɣaɣla sia fia.


Eyata se, si dem mele, enye si: Ne amea ɖe gblɔ nya tovoa ɖe ɖe Sadrax, Mesax kple Abed-Nego ƒe Mawu ŋu le dukɔwo, anyigba dzi dukɔwo kple gbegbɔglɔwo katã dome la, woaflii kakɛkakɛ, eye eƒe eƒe azu aɖukpo; elabena mawu bubua ɖeke meli ate ŋu aɖe ame abe eya ene o.


Ke nyee nyee Yehowa, wò Mawu, tso Egipte-nyigba dzi ke, menye mawua ɖeke kpe ɖe ŋunye o, eye xɔnametɔa ɖeke meli abe nye ene o.


Ale Yehowa Zebaot gblɔ esi: Ɣemaɣi la ŋutsu awu atso dukɔwo ƒe gbegbɔgblɔwo kalã me alé Yuda-ŋutsu ɖeka ƒe awu toga agblɔ bena: Miayi kpli mi, elabena míese be, Mawu li kpli mi.


Eye agbalẽfialaa ɖe va gblɔ nɛ bena: Nufiala, afisi ke nayi ɖo la, manɔ yowòme.


Petro gblɔ ne bena: Aƒetɔ, nukaŋuti nyemate ŋu adze yowòme fifia o mahã? Matsɔ nye agbe aɖo anyi, ɖe tawò.


Ke Paulo ɖo ŋu gblɔ bena: Nukae nye esi wɔm miele hele avi fam, eye miele nye dzi gbãm mahã? Elabena nye la medzra ɖokuinye ɖo, menye be woabiam ɖeɖeko o; ke boŋ hã be maku le Yerusalem le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la ta.


elabena woa ŋutɔwo gblɔa nya fiana le mía ŋuti, vava, si ƒomevi me mieva mia gbɔ le, kple alesi mietrɔ tso trɔ̃wo gbɔ va Mawu gbɔ, bena miasubɔ Mawu gbagbe vavãtɔ la,


Yehowa nyã dukɔwo katã kple Amoritɔ, siwo nɔ anyigba dzi la, ɖa le mía ŋgɔ. Miawo hã miasubɔ Yehowa, elabena eyae nye mía Mawu!


Nenem me siawo nye amesiwo meƒo ɖi wo ɖokui kple nyɔnuwo o; elabena ɖetugbiwo wonye. Amesiawo dzea Alẽvi la yome yia afisiafi, si wòyina. Amesiawo la woƒle wo tso amewo dome, be woanye ŋgɔgbetɔwo na Mawu kple alẽvi la.


eye wògblɔ bena: Kpɔ ɖa, atsuwòsi gbugbɔ yina eƒe ɖukɔ kple eƒe mawu gbɔ; gbugbɔ dze atsuwòsi yome!


afisi naku ɖo la, afima maku ɖo, eye afima woaɖim ɖo! Yehowa nefiam, ne wòagafiam ɖe dzi; negbe ku koe aklã mía dome!


Dɔla, si nye nuxalawo dzikpɔla, ɖo ŋu bena: Moab-nyɔnu, si kple Naomi wotso Moab-nyigba dzi vae.


Afa akɔ na wò, eye wòakpɔ dziwò le wò nyagãkuku me; elabena lɔ̃xowò, si wò, eye wòde ŋutsuvi adre nu na wò gbɔ edzi lae, dzii na wò!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa