Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Rut ƒe agbalẽ 1:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Le ɣeyiɣi, siwo me ʋɔnudrɔ̃lawo le dziɖum la, dɔ va anyigba la dzi. Eye ŋutsua ɖe kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu eveawoʋu tso Betlexem-Yuda, bena woaɖanɔ Moab-nyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Le esime ʋɔnudrɔ̃lawo nɔ Israel dzi ɖum la, dɔ va to ɖe anyigba la dzi. Ŋutsu aɖe si tso Efraim ƒe to la me, tso Betlehem le Yudanyigba dzi la ʋu kple srɔ̃a kple viawo yi ɖanɔ Moabnyigba dzi.

Onani mutuwo Koperani




Rut ƒe agbalẽ 1:1
26 Mawu Ofanana  

Eye do to le anyigba la dzi. Eye Abram yi ɖe Egipte, be wòa nye amedzro le afima; elabena dɔa nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi?


Ke do to le anyigba la dzi, abe alesi wòto le Abraham ŋɔli ene; tete Isak ʋu yi ɖe Filistitowo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar.


Ke dɔwuame la nu sẽ ŋutɔ le anyigba la dzi.


Eye do to le Dawid ŋɔli ƒe etɔ̃ sɔŋ Ira ɖe enu; eye Dawid do gbe ɖa na Yehowa. Tete Yehowa gblɔ bena: Saul kple eƒe aƒe la ɖe hlɔ̃fe, elabena ewu Gibeontɔwo.


Tete Eliya yi ɖatsɔ eɖokui na Axab. Ke dɔwuame la nu sẽ le Samaria.


Salma, si nye Betlexem fofo; Xaref, si nye Bet-Gader fofo.


Salma viwo nye: Betlexem, Netofatitɔwo, Atarot, Bet-Yoab kple Manatitɔwo ƒe afã, eya nye Zoreatitɔwo,


Eyɔ dɔwuame va anyigba dzi, eye wòŋe abolo ƒe ziɔɖeŋutiwo katã.


anyigba wɔnu zu dzeƒee le edzinɔlawo ƒe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ta.


Esia nye Yehowa ƒe gbe, si va na Yeremya le kuɖiɖi ta:


Amevi, ne anyigbae ete wo nuvɔ̃ ele ŋunye hetrɔ ʋu le yonyeme, eye medo nye asi ɖa ɖe eŋu heŋe abolo ƒe ziɔdeŋu, eye meɖo dɔwuame ɖe afima, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le edzi,


Elabena ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Ke ne meɖo yi, dɔwuame, lã wɔadã kple dɔvɔ̃, siwo nye nye tohenu vɔ̃ɖi eneawo ɖa ɖe Yerusalem ŋu, be matsrɔ̃ amegbetɔwo kple lãwo le eme la,


Maŋe miaƒe dada vivivo la nu, eye mana dziƒo nana na mi ate ga ene, eye miaƒe anyigba nana abe akɔbli ene.


Medo kuvia miaƒe aɖuwo le miaƒe duwo katã me, eye mena abolokoe wɔ nu le mia nɔƒewo katã; ke miegbe tɔtrɔ ɖe ŋunye, Yehowa ye gblɔe.


Eyata atsɔ wo aɖe asi vaseɖe ɣeyiɣi, si funɔa ɖe nadzi vi; emegbe nɔviawo ƒe mamlea atrɔ agbɔ akpe ɖe Israel-viwo ŋu.


Àƒã nuku geɖe ɖe agble me, ke ʋeea ɖe ko naŋe, elabena ʋetsuviwo aɖui avɔ.


Eyome Ibzan, amesi tso Betlexem la, drɔ̃ ʋɔnu na Israel.


Eye ɖekakpuia ɖe tso Betlexem-Yuda le Yuda ƒe ƒome la me; enye Lewitɔ, eye wònye amedzro le afima.


Eye woʋu tso Betlexem-Yuda-du la me, be wòaɖanɔ afisi wòkpɔ; eye wòva Efrayim-to la dzi heyi ɖe Mixa ƒe me, be wòagayi eƒe azɔli dzi emegbe.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa