Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 9:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Nukaŋuti? Elabena womedii tso xɔse me o, ke wodii tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me; wokli nukikli ƒe kpe la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Nu ka ta? Elabena wonɔ agbagba dzem be yewoakpɔ ɖeɖe to seawo dzi wɔwɔ me, eye yewoanɔ agbe nyui esime wòle be woanya be xɔse me ko yewoato akpɔ ɖeɖe hafi; wokli nukikli ƒe kpe la.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 9:32
15 Mawu Ofanana  

Azu kɔkɔeƒe, ke anye nuɖiaɖia ƒe kpe kple agakpe kikli na Israel ƒe aƒe eveawo, eye anye mɔ̃ kple adoboli na Yerusalemtɔwo;


eye ame geɖewo aklii adze anyi ahaŋe keŋkeŋ, eye mɔ̃ aɖe wo alé wo.


Ke Yesu gblɔ na wo bena: Womeɖoa kpo nyagblɔɖila bubu o, negbe le ye ŋutɔ fofoawo de kple ye ŋutɔ ƒe me ko. Eye mewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le afima o, le woƒe dzimaxɔse ŋuti.


Eye Simeon yra wo, eye wògblɔ na dadaa Mana bena: Kpɔ ɖa, woɖo amesia anyi na ame geɖewo ƒe anyidzedze kple tsitretsitsi le Israel, kple dzesi, si woagblɔ nya ɖe eŋuti;


Eye Woayra amesi mekpɔ nuɖiaɖia le ŋutinye o.


Elabena esi womenya Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye o, eye wole didim bena, woatsɔ woawo ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye atu tsitre la, womebɔbɔ wo ɖokui ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye la te o.


Ekema mebe: Ɖe wokli nu, bene wòadze anyia? Gbeɖe! Ke le woƒe anyidzedze ŋuti wotsɔ xɔxɔ na trɔ̃subɔlawo, bene woana woamawo naʋã ŋu.


Eyata xɔse me wòtso, bene wòanye le amenuveve nu, bene ŋugbedodo nali zã na ƒome sia ƒome, menye amesiwo tso sea me ɖeɖeko o, hafi amesiwo tso Abraham ƒe xɔse me hã, amesi nye mí katã mia fofo la,


ke miawo la mieɖea gbe ƒã Kristo, amesi woklã ɖe atitsoga ŋu la, esi nye nukikli na Yudatɔwo kple bometsinu na Helatɔwo;


Eyata wòle ŋɔŋlɔ la me bena: „Kpɔ ɖa, meɖo dzogoedzikpe tiatia xɔasi anyi ɖe Zion, eye amesi ke xɔ edzi se la, ŋu mele ekpe ge o.“


amesiwo klii, le esi womeɖo to nya la o la ta, nusi ŋuti hã woɖo wo ɖo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa