Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 9:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Azɔ la nèle gbɔgblɔ ge nam bena: Nukaŋuti wògahea nya? Elabena ameka ate ŋu atsi tre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋuti mahã?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Ame aɖe abiam be, “Ekema nu ka ta Mawu bua fɔ mí ɖo? Elabena ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe eƒe lɔlɔ̃nu ŋu mahã?”

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 9:19
19 Mawu Ofanana  

Miawo miesusu vɔ̃ ɖe ŋunye, ke Mawu trae wòzu nyuie, be yeawɔe axɔ ame geɖe ɖe agbe, abe alesi miele ekpɔmi egbegbe ene.


gblɔ bena: Yehowa, mía fofowo ƒe Mawu, de menye wòe nye Mawu le dziƒo kple dziɖula ɖe dukɔwo ƒe fiaɖuƒewo katã dzi oa? Asiwò me ŋusẽ kple kamesesẽ le, eye amea ɖeke mate ŋu ana te ɖe nuwò o.


Ne eɖi ŋusẽ nu la, kpɔ ɖa, ŋusẽtɔ enye si; eye nenye ʋɔnudɔdrɔ̃ la, ameka akplɔm ayii?


esime Mawu tso ɖe ʋɔnudɔdrɔ̃ ŋu, ne wòaxɔ na anyigba dzi hiãtɔwo katã. Sela.


Oo, mieflu mia ɖokui! Ɖe tsu le abe zemela ene, ne nuwɔwɔ nagblɔ na ewɔla be: Menye wòe wɔm o, eye numeme nagblɔ na emela be: Mele ɖeke nyɔm oa?


Ke Amegbetɔvi la le yiyim, abe alesi woŋlɔ di le eŋuti ene; gake baba na ame ma, si dzi woato ade Amegbetɔvi la asi! Enyo na ame ma bena, womegaxae dzi o.


amesi wotsɔ de asi le Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖoɖi kple nyanyaɖi la nu, esi mieto nu madzɔmadzɔ wɔlawo ƒe asi dzi klãe ɖe ati ŋuti, eye miewui.


Azɔ la nèxɔ dzi bena: Woŋe alɔwo ɖa, bene woatsɔ nye la ado ɖe eme.


Ke ne woɖe gbe ƒã Kristo bena, etsi tre tso ame kukuwo dome la, aleke wo mia dome amea ɖewo gblɔ bena, ame kukuwo ƒe tsitretsitsia ɖeke meli o mahã?


Ke ɖewo amea ɖe agblɔ be: Aleke ame kukuwo le fɔfɔ ge ɖe tsitre mahã? Eye ŋutilã ka wole tsɔtsɔ ge adoe mahã?


Amesi wote kpɔ la, megagblɔ bena, Mawue te ye kpɔ o; elabena womate ŋu ate Mawu akpɔ kple nuvɔ̃ o, ke eya ŋutɔ la metea amea ɖeke kpɔna o.


Ke amea ɖe lagblɔ bena: Wò la xɔse le asiwò, eye nye la dɔwɔwɔwo le asinye. Fia wò xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ lam, eye nye hã mafia nye xɔse wò to nye dɔwɔwɔwo me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa