14 Azɔ nuka gblɔ ge míala? Alo Mawu to medzo oa? Gbeɖe!
14 Azɔ nya ka gblɔ ge míala? Ɖe Mawu tɔ medzɔ oa? Gbeɖe!
Esia nede megbe xaa tso gbɔwò be, nagawu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa zi ɖeka, eye ame dzɔdzɔe nanɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o! Esia nede megbe xaa tso gbɔwò! Ɖe xexeame ƒe ʋɔnudrɔ̃la madrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe oa?
Eyata Yehowa ƒe ŋɔdzi nelé mi, eye mikpɔ nyuie le miaƒe nuwɔwɔwo me, elabena le Yehowa, mia Mawu gbɔ la, nu madzɔmadzɔ wɔwɔa ɖeke, amedzidedea ɖeke alo zãnuxɔxɔa ɖeke meli o!
Nya nyui enye sia gblɔm nèle be: „Tɔnye dzɔ wu Mawu tɔa?“
Ɖe Mawu atrɔ gbo nya dzɔdzɔea? Eye ɖe ŋusẽkatãtɔ atrɔ gbo dzɔdzɔenyenyea?
Yehowa enye dzɔdzɔetɔ le eƒe mɔwo katã me, kple amenuvetɔ le eƒe nuwɔwɔwo katã me.
Woatse ku le tsitsime ke hã, tsi anɔ wo me gugugu, eye woade ama
Yehowa, ne meɖe, mahe nya kpli wò la, towo dzɔna, gake maɖi ʋɔnu kpli wò. Nukata ame vɔ̃ɖiwo ƒe mɔ dzea edzi na wo, eye eme nyona na ame tovowo katã ɖo?
Ava, eye wòatsrɔ̃ agbledela siawo, eye wòade agble la asi na ame bubuwo. Ke esi wose esia la, wogblɔ bena: Kpao, meganɔ nenema o!
Elabena ameŋkumekpɔkpɔa ɖeke mele Mawu gbɔ o.
Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,
Azɔ la, nukae nye Yudatɔ ƒe nu nyui, si ƒo ta la, alo nu kae nye aʋatsotso ƒe viɖea?
Azɔ nuka gblɔ ge mialã? Trɔ̃subɔla, siwo menɔ dzɔdzɔenyenye yome o la, ƒe asi su dzɔdzɔenyenye dzi; ke xɔse mee dzɔdzɔenyenye la tso;
Agakpe wònye, eƒe nuwɔwɔ de blibo; elabena eƒe mɔwo katã dzo. Mawu nyateƒetɔ wònye, eye alakpa mele eme o, nuteƒewɔla kple dzɔdzɔetɔ wònye.
Eye mese vɔsamlekpui la le gbɔgblɔm bena: Ẽ, Aƒetɔ, Mawu ŋusẽkatãtɔ la, nyateƒe kple dzɔdzɔe nye wò ʋɔnudɔdrɔ̃wo.