Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 8:32 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

32 Amesi mehe ye ŋutɔ ƒe Vi ɖe megbe o, ke wòtsɔe hena ɖe mi katã mia ta boŋ; aleke lawɔ, eye matso nuwo katã hã akpe ɖe eŋuti na mí oa?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

32 Ame si meve eya ŋutɔ Via nu o, ke boŋ wòtsɔe na ɖe mí katã ta la, ɖe matsɔ nu bubu ɖe sia ɖe hã ana mí oa?

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 8:32
19 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ bena: Megaka asi ɖevi la ŋu o, eye megawɔ nanekee o! Menyae azɔ bena, èvɔ̃a Mawu, elabena mete wò tenuvi lam o.


Elabena ŋkeke akpe mede wò xɔxɔnu nɔnɔ ŋkeke ɖeka nu o, melɔ̃ be, matsi tre ɖe kpui nu le nye Mawu ƒe me, wu esi manɔ eme vɔ̃ɖiwo ƒe agbaɖɔ me.


Ke Yehowa ɖi be, yeatsɔ dɔléle agbãe gudugudu; ne etso eɖokui wo fɔɖivɔsae la, akpɔ dzidzimeviwo, anɔ agbe didie, eye Yehowa ƒe tameɖoɖo adze edzi to eƒe asi dzi.


eye kpɔ ɖa, gbe tso dziƒowo le gbɔgblɔm bena: Amesia enye vinye, si gbɔ nyemelɔ̃a nu lena o la, si dzea ŋunye!


Azɔ ne mi, amesiwo nye ame vɔ̃ɖiwo la, mienya alesi miana nunana nyuiwo mia viwo la, ɖe mia Fofo, si le dziƒo la, mana nu nyuiwo amesiwo bianɛ la, awu mi o mahã?


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Elabena ne Mawu mekpɔ alɔ, siwo nye atia ƒe dzɔdzɔmetɔwo ƒe nublanui o la, makpɔ wò hã wò nublanui o!


amesi wotsɔ hena le míaƒe vodadawo ŋuti, eye wofɔe ɖe tsitre le afiatsotso na mí ta.


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Ke mienyae bena, amesiwo lɔ̃a Mawu la, nuawo katã tim hea nyuie vɛ na wo, amesiwo woyɔ le tameɖoɖoɖi la nu.


Ke miawo la miexɔ xexeme ƒe gbɔgbɔ la o, hafi Gbɔgbɔ, si tso Mawu gbɔ la boŋ miexɔ, bene míate ŋu anya nusi Mawu na mí la.


Elabena wowɔ wo katã le mia ta, bene amenuveve, si sɔ gbɔ ɖe dzi to ame geɖeawo dzi la, nana akpedada la nagba go hena Mawu ƒe kafukafu.


Elabena amesi menya nuvɔ̃a ɖeke o la, ewɔe ne wòanye nuvɔ̃ ɖe mia teƒe, bene míawo la míazu Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye le eyama me.


abe amesiwo le nu xam ene, gake wokpɔa dzidzɔ ɖaasi; abe amesiwo nye ame dahewo ene, gake wona ame geɖe zua kesinɔtɔwo; abe amesiwo si naneke mele o ene, gake nusianu le wo si.


Esia me lɔlɔ̃ la le: Menye bena míawo mielɔ̃ Mawu o, ke boŋ bena eya lɔ̃ mí, eye wòdɔ Via ɖo ɖa, bena wòanye avuléle le mía nuvɔ̃wo ta.


Amesi ke ɖu dzi la, anyi nusiawo ƒe dome, eye manye eƒe Mawu, eye eya hã anye vinye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa