Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 8:31 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

31 Azɔ, nuka gblɔ ge míala le esia ŋutii? Ne Mawu le mia dzi la, ameka atsi tre ɖe mía ŋutii?

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

31 Nu ka gɔ̃ míagblɔ tso nu siawo ŋu? Ne Mawu le mía dzi la, ame kae ate ŋu atsi tsitre ɖe mía ŋu?

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 8:31
31 Mawu Ofanana  

Le nya siawo megbe la Abram se Yehowa ƒe nya le ŋutega me bena Abram, megavɔ̃ o; nye enye wò akpoxɔnu; wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.


Yehowa, mía Mawu, nenɔ kpli mí, abe alesi wònɔ kple mia fofowo ene, megagblẽ mí ɖi o, eye megagbe mí o;


Edo ŋu bena: Megavɔ̃ o, elabena amesiwo le mía dzi la, sɔ gbɔ wu amesiwo le wo dzi.


eye esi Amon-viwo kpɔ be, Aramtɔwo si la, woawo hã si le nɔvia Abisai nu yi ɖage ɖe dua me, Ke Yoab trɔ gbɔ va Yerusalem.


Elabena woda nu ame geɖewo woku, elabena aʋa la tso Mawu gbɔ̃; eye wono wo, teƒe vaseɖe aboyoɖeŋɔli.


Yehowa li kplim, nyemavɔ̃ o, nuka amegbetɔ awɔm?


Midzudzɔ, ne miadze sii be, nyee nye Mawu; meɖo kpo ɖe dukɔwo dzi, meɖo kpo ɖe anyigba dzi!


Dukɔwo dze agbo, ke de le fiaɖuƒewo te; enu eƒe gbe di, tete anyigba lólo.


Mawu ana be, makafu nya la, Yehowa ana be, makafu nya la.


Ne vɔvɔ̃ ɖom la, meɖoa ŋu ɖe ŋuwò.


Wòe xlẽ nye sisiƒewo, eɖe nye aɖatsiwo wò goe me! Ɖe mèŋlɔ wo ɖe wò agbalẽ me oa?


megavɔ̃ o, elabena meli kpli wò; ŋɔ megadzi wò o, elabena nyee nye wò Mawu, mali ke wo, makpe ɖe ŋuwò, eye matsɔ nye xoname ƒe nuɖusi alé wò.


Lãnu sia lãnu, si wotu ɖe ŋuwò la, madze edzi o, eye abu tɔ aɖe, siwo katã tso ɖe ŋuwò le ʋɔnu. Esia nye Yehowa ƒe dɔlawo ƒe domenyinu, eye woƒe dzɔdzɔenyenye tso gbɔnye, Yehowa ye gblɔe!


Ne miede adaŋu la, woagblẽ eme, ne mieɖo gbe ɖi la, mava me o; elabena Mawu li kpli mí!


Woawɔ avu kpli wò, ke woaɖo kpoe, elabena meli kpli wò, be maɖe wò, Yehowa ye gblɔe!


Ke Yehowa, nye kalẽtɔ sesẽ, li kplim, eyata yonyemetilawo adze anyi, eye woƒe alɔ made dzi o, ŋu akpe wo, elabena womedze aye o, ŋukpe mavɔ, si womaŋlɔ be akpɔ o la, wòanye


Babel-fia, si vɔ̃m miele la, megadzi ŋɔ na mi o; Yehowa be: Migavɔ̃e o, elabena maxɔ na mi, eye maɖe mi atso esi me;


Ɖeko migadze aglã ɖe Yehowa ŋu o, eye migavɔ̃ anyigbadzitɔwo o, elabena wole na mi abe abolo ene. Luʋɔ dzo le wo ta, ke Yehowa li kpli miawo ya, eyata migavɔ̃ wo o!


„Kpo da, ɖetugbi, si menya ŋutsu o la, le fu fɔ ge, eye wòadzi ŋutsuvi, eye woayɔ eƒe ŋkɔ be Imanuel, si gome ènye: Mawu li kpli mi.“


Ke ne miaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go fia la, nuka gblɔ ge mialã? Ne Mawu fia dziku la, ɖe etɔ medzɔ oa? Meƒo nu abe ame ene.


Azɔ nuka gblɔ ge míala be, mía tɔgbui Abraham kpɔ le ŋutilã nua?


Woayra wò Israel! Ameka ɖe nuwo? Dukɔ, si Yehowa ɖe, amesi nye wò akpoxɔnu kple xɔwòla, kpakple wò dziɖuɖu ƒe yi! Wò futɔwo avivi nu me na wò, ke wò la ànyã avuzi le wo dzi.


Eye Yosua ɖu fia siawo katã kple woƒe anyigbawo dzi zi ɖeka, elabena Yehowa, Israel ƒe Mawu lae wɔ aʋa na Israel.


Viwo, miawo la Mawu me mietso, eye mieɖu wo dzi; elabena amesi le mia me la, etri akɔ wu amesi le xexeame.


Eye Yonatan gblɔ na ɖekakpui, si nye eƒe adekplɔvi la bena: Va miyi bolotɔ siawo ƒe dzɔlawo gbɔ! Ɖewohĩ Yehowa awɔ nane ɖe mía nu, elabena mesesẽ na Yehowa be, wòatsɔ ame geɖe alo ame ʋee axɔ na ame o!


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa