Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 8:18 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

18 Elabena mebuna bena, ɣeyiɣi sia me fukpekpewo medze ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go afia le mia ŋuti la o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

18 Mebuna be fukpekpe siwo me tom míele fifia la mate ŋu asɔ kple ŋutikɔkɔe si wole ɖeɖe ge afia le mía me la o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 8:18
15 Mawu Ofanana  

Gake la nyemebui naneke o, eye nyemebu nye agbe hã nu xɔasi na ɖokuinye o, bena mawu nye mɔzɔzɔ kple subɔsubɔ, si mexɔ tso Aƒetɔ Yesu gbɔ la nu, be maɖi ɖase le Mawu ƒe amenuveve nyanyuie la ŋuti.


Elabena nuwɔwɔ la ƒe mɔkpɔkpɔ vevi la le mawuviwo ƒe ɖeɖefia la lalam.


Ne Kristo, si nye miaƒe agbe la, ado la, ekema miawo hã miado kpakplii le ŋutikɔkɔe me.


nusi gbɔ woyɔ mi ve to míaƒe nyanyuie la me, bene mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe la nasu mia si.


eye mianɔ yayramɔkpɔkpɔ kple Mawu gã la kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia la lalam,


Nyɔnuwo xɔ woƒe ame kukuwo agbagbe le tsitretsitsi me. Ke wowɔ tu ame bubuwo, eye wogbe xɔxɔ, bene woakpɔ tsitretsitsi, si nyo wu;


Eyata mibla miaƒe tamesusuwo ƒe aliwo dzi, mina mo xexi, eye mitsɔ miaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo amenuveve, si wotsɔna vaa mia gbɔ le Yesu Kristo ƒe ɖeɖefia me la dzi blibo


ke boŋ zi geɖe alesi miekpɔ gome le Kristo ƒe fukpekpewo me la, zi geɖe ma ke mikpɔ dzidzɔ bena, le eƒe ŋutikɔkɔe ƒe ɖeɖefia me hã la míakpɔ dzidzɔ, eye miatso aseye.


Hamemegã, siwo le mia dome la, nye, amesi nye mia ha-ha-memegã kple Kristo ƒe fukpekpewo ɖaseɖila kple ŋutikɔkɔe, si wole ɖeɖe ge ɖe go la hã gomekpɔla la, mele nu xlɔ̃m mi be:


Lɔlɔ̃tɔwo, azɔ la míenye mawuviwo, eye nusi ke míava trɔ zu la, meɖo haɖe o; ke mienyae bena, ne eva do la, míaɖi eyama: elabena míakpɔe alesi wòle.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa