Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 7:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Nye la, menɔ agbe kpɔ se aɖeke te manɔmanɔe; ke esi sedede la va la, nu vɔ̃ gbɔ agbe, eye meku.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 7:9
22 Mawu Ofanana  

Ke wò, Yehowa, mate wo nublanuikpɔkpɔ da le gbɔnye o; wò amenuveve kple wò nyateƒe akpɔ tanye ɖaa.


Ɖekakpui la gblɔ nɛ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke; nuka gasusɔ nama?


Eye wòɖo ŋu gblɔ na fofoa bena: Kpɔ ɖa, nenem ƒe geɖe siawo mesubɔ wò, eye nyemeda wò seawo dzi kpɔ o, ke nye la mena gbɔ̃ tatam kpɔ bena, mía kple xɔ̃nyewo míakpɔ dzidzɔ o:


Ke eya gblɔ bena: Mewɔ nusiawo katã dzi tso nye ɖevime ke.


Elabena Mose ŋlɔ ɖi le dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la ŋuti bena: „Amesi ke wɔ esiawo la, ano agbe to esia me.“


ke nye la meku, eye wokpɔe bena, se, si wode hena agbe la, eya ke zu ku nam.


Elabena esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eblem, eye wòtso eya ke hewum.


Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.


ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.


Ke esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eho ŋubiabiãwo katã ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, nuvɔ̃ ku.


eyata esi ŋutilãnudidi enye adikã ɖe Mawu ŋuti, elabena mebɔbɔa eɖokui ɖe Mawu ƒe se la te o, eye metea ŋui hã o.


Ke nye la meto se la me ku na se la, bene manɔ agbe na Mawu. Mía kple Kristo woklã ɖe atitsoga ŋu.


Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa