Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 7:8 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

8 Ke esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eho ŋubiabiãwo katã ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, nuvɔ̃ ku.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

8 Ke esi mɔnukpɔkpɔ su nu vɔ̃ si to sedede me la, eho ŋubiabiã ƒomevi ɖe sia ɖe ɖe dzi le menye; elabena ne se meli o la, ekema nu vɔ̃ ku.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 7:8
12 Mawu Ofanana  

ahasiwɔwɔwo, ŋubiabiãwo, nu vɔ̃ɖi wɔwɔwo, beble, ahiãdzedze, ŋku vɔ̃ɖi, busubɔbɔ, dàda, movidzɔdzɔ;


Ɖe nyemeva ƒo nu kpli wo o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la taflatsedodoa ɖeke mele wo si le woƒe nuvɔ̃ ŋuti o.


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.


Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.


Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu,


Elabena esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eblem, eye wòtso eya ke hewum.


Ekem ɖe nu nyui la zu ku nama? Gbeɖe! Hafi nuvɔ̃ la boŋ ye, bene wòadze ƒã abe nuvɔ̃ ene, tso nu nyui la wo ku nam, bene nuvɔ̃ la navɔ̃ɖi ɖe dzi ŋuta to sedede la me.


Ke azɔ meganye nyee le esia wɔm o, negbe nuvɔ̃, si le menye lae.


Ke nye la mena agbe semanɔsitɔe tsã; ke esi sedede va la, nuvɔ̃ la gbɔ agbe,


Elabena ku ƒe ti enye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa