Eye Yehowa gblɔ ne bena: Yi naɖatsa le Yerusalem dua me, eye made dzesi ŋgonu na amesiwo le hũ ɖem, eye wole nu xam ɖe ŋunyɔnu, siwo katã wole wɔwɔm le eme ŋuti la.
Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam.
Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.
amesi tso eɖokui hena ɖe mía ta, bene yeaxe fe ɖe mia ta axɔ mí atso sedzimawɔmawɔ katã me, eye bene yeaklɔ dukɔ, si doa vevie le dɔ nyui wɔwɔ me la ŋuti hena ye ŋutɔ ɖokui!
Eye Mawu latutu aɖatsi sia aɖatsi ɖa le woƒe ŋku mè, eye ku maganɔ anyi akpɔ o, eye konyifafa kple ɣlidodo kple vevea ɖeke maganɔ anyi o; elabena nu gbãtɔwo nu va yi.