Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 7:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 Eyata azɔ mekpɔ se sia bena, esime melɔ̃na bena, mawɔ nu nyui la, nuvɔ̃ la lé ɖe ŋutinye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 Eya ta mekpɔ se sia be ele dɔ wɔm; togbɔ be medina be mawɔ nu nyui hã la, nu vɔ̃ gaxea mɔ nam.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 7:21
19 Mawu Ofanana  

Tsɔ wò nya la li ke nye afɔɖeɖe, eye megana nu vɔ̃ɖia ɖeke naɖu fia de dzinye o!


Ɖe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu. Gbo agbem le wò mɔ dzi!


Ke wò, Yehowa, mate wo nublanuikpɔkpɔ da le gbɔnye o; wò amenuveve kple wò nyateƒe akpɔ tanye ɖaa.


Eɖoa to gbedodoɖa, gbɔwòe ŋutilãwo katã woayi.


Eye Yesu, esi wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe la, egbugbɔ tso Yordan nu, eye Gbɔgbɔ la kplɔe yi gbedzi,


Yesu ɖo ŋu na wo bena: Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesiame, si le nuvɔ̃ wɔm la, nuvɔ̃ ƒe kluvi wònye.


Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o.


Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.


ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.


Meda akpe na Mawu to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ, la dzi! Eyata azɔ nye ɖeka ma ke metsɔa nyasã la subɔa Mawu ƒe se la, ke metsɔa ŋutilã la subɔa nuvɔ̃ ƒe se lae.


Elabena Gbɔgbɔ, si nye agbe, si le Kristo Yesu me la, ƒe se la xam tso nuvɔ̃ kple ku ƒe se la si.


Eyata ele nɛ be, wòaɖi nɔviawo le nuwo katã me, bene wòatrɔ zu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le Mawu ƒe dɔwo gome, bene wòalé avu le dukɔ la ƒe nuvɔ̃wo ta.


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Eye wodo ablɔɖenyenye ŋugbe na wo, wònye woa ŋutɔwo la gbegblẽ ƒe dɔlawo wonye hafi: elabena amesi ɖu amea ɖe dzi la, eya ke wɔnɛ kluvi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa