Amea ɖeke meɖe nunye le aƒe sia me o, eye womeɖe naneke le eme nam o, negbe wò ko, elabena srɔ̃a nènye. Aleke gɔ̃ mawɔ vɔ̃ gã sia, eye mada vo ɖe Mawu ŋuti mahã?
Nɔvinyewo, nenema ke miawo hã mieku na se la to Kristo ƒe ŋutilã me, bene míazu ame bubu, si wofa ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la to, bene míatse ku na Mawu.
ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.
Ke nye la megava me nam bena, maƒo adegbe o, negbe le mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe atitsoga la ŋuti ko, amesi me woto klã xexeame ɖe atitsoga ŋu nam, eye nye hã woklãm ɖe atitsoga ŋu na xexeame.