Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 6:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Meƒo nu alesi ame ƒoa nu le miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ŋuti. Elabena sigbe alesi mietsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ makɔmakɔnyenye kple sedzimawɔmawɔ ƒe kluviwoe hena sedzidada la, nenema ke azɔ mitsɔ miaƒe ŋutinuwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Mele gbe sia gbe ƒe nudzɔdzɔwo ƒe kpɔɖeŋuwo zãm le nu ƒom na mi ɖe miaƒe ŋutilã ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ ta. Elabena zi ale si mietsɔ mia ɖokuiwo wɔ kluviwo na makɔmakɔnyenye kple vɔ̃ɖivɔ̃ɖinyenye tsã la, nenema ke azɔ la, mitsɔ mia ɖokuiwo wɔ dzɔdzɔenyenye ƒe kluviwo hena kɔkɔenyenye.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 6:19
19 Mawu Ofanana  

Ne ɖa be le dzodome na amea ɖe la, ekema tabebetɔ wònye; eŋu kɔ.


Eye Yesu yi ɖatsa le Galilea katã, le nu fiãm amewo le woƒe ƒuƒoƒewo, eye wòle gbe ƒã ɖem fiaɖuƒe la ƒe nyanyuie, eye wòle dɔlélewo katã kple lãmegbegblẽwo katã ƒomevi ɖem ɖa le dukɔ la dome.


Ke ele na mi, amesiwo ŋu ŋusẽ le la bena, miatsɔ amesiwo ŋu ŋusẽ mele o la ƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo, eye míagadze mía ɖokui ŋu o.


Ke ne miaƒe madzɔmadzɔnyenye ɖe Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye ɖe go fia la, nuka gblɔ ge mialã? Ne Mawu fia dziku la, ɖe etɔ medzɔ oa? Meƒo nu abe ame ene.


Eye migatsɔ mia ŋutinuwo wo madzɔmadzɔnyenye ƒe aʋawɔnuwo na nuvɔ̃ la o; ke mitsɔ mia ɖokui ɖo anyi na Mawu, abe amesiwo wogbɔ agbe tso ame kukuwo dome ene, eye mitso miaƒe ŋutinuwo wo dzɔdzɔenyenye ƒe aʋawɔnuwo na Mawu boŋ?


ke mekpɔ se bubu, si le aʋa wɔm kple se, si le nye nyasã me la, le nye ŋutinuwo me, eye wòlém aboyo le nuvɔ̃ ƒe se, si le nye ŋutinuwo me la me.


Ke nenema ke Gbɔgbɔ la hã dea míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔ dzi; elabena alesi ke míado gbe ɖa wòadze la, mienyae o, gake Gbɔgbɔ la ŋutɔ tsɔa ŋeŋe, siwo manya gblɔ o la, xɔa mía nya ɖe akɔ.


Miaƒe adegbeƒoƒo menyo o. Mienyae bena, amɔwɔ ʋaʋã via ɖe nana amɔwɔ blibo la katã ʋãna o mahã?


Eye nenem mia dome amea ɖewo nɔ tsã; ke wole tsi na mi, ke wona mia ŋuti kɔ, ke wotso afia na mi le Aƒetɔ Yesu ƒe ŋkɔ la kple mia Mawu ƒe Gbɔgbɔ la me.


Alo ame ƒe susu nue mele nya siawo gblɔm ɖo, alo menye se la hãe gblɔ nenema oa?


Nɔviwo, mele nu ƒom abe ame ene; ame ƒe nubabla, si dzi woɖo kpee la, amea ɖeke metunɛ alo tsɔa nane kpena ɖe eŋuti o.


Mikpɔ nyuie, bena amea ɖeke nagade megbe tso Mawu ƒe amenuveve la gbɔ o, bena veve ƒe ke nagamie aɖe fu na mi, eye wòaƒo ɖi ame geɖe o,


Elabena menye nunɔlagã, si mate ŋu anya míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo na mi o lae le mía si o, ke boŋ enye amesi wote kpɔ le nuwo katã me, abe míawo ke ene, negbe nuvɔ̃ koe mele eŋu o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa