Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 5:9 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

9 Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me ŋuti la, woaxɔ mí geɖe awu tso dziku la me to eyama me.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

9 Azɔ la, esi wotso afia na mí to eƒe ʋu me la, woaɖe mí tso Mawu ƒe dɔmedzoe me to eya amea me!

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 5:9
13 Mawu Ofanana  

Vavã, vavã mele egblɔm na mi bena: Amesi le nye nya la Sem, eye wòle amesi dɔm ɖa la dzi xɔm le sesem la, agbe mavɔ le esi, eye mava ʋɔnudɔdrɔ̃ me o, elabena eto ku me yi ɖe agbe la me xoxo.


Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.


Azɔ la esi wotso afia na mí tso xɔse me la, ŋutifafa le mia kple Mawu dome to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi,


Elabena ne wolé avu le mia kple Mawu dome to Via ƒe ku me, esime míenye ketɔwo la, woaxɔ mi geɖe awu to eƒe agbe me, esime wolé avu na mi megbe la.


Eyata azɔ fɔbubua ɖeke meli na amesiwo le Kristo Yesu me la o, amesiwo mezɔna le ŋutilã nu o, negbe le Gbɔgbɔ nu


Ke amesiwo wòɖo ɖi la, woawo ke hã wòyɔ; ke amesiwo wòyɔ la, woawo ke hã wòtso afia na; ke amesiwo wòtso afia na la, woawo ke hã ŋuti wòkɔ.


Ke azɔ la miele Kristo Yesu me, mi amesiwo le adzɔge ʋĩ tsã la, miete va le Kristo ƒe ʋu la me.


amesiwo dome mí katã hã miezɔna le tsã le miaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime miewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene. —


eye míalala Via tso dziƒo, amesi wòfɔ ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, Yesu, si ɖe mí tso dziku, si gbɔna la me.


geɖe aleke wu Kristo, amesi to Gbɔgbɔ mavɔ la me tsɔ eɖokui na Mawu abe vɔsasa mokaka manɔŋutɔ ene la, ƒe ʋu maklɔ miaƒe dzitsinya tso dɔwɔwɔ kukuwo me, bena miasubɔ Mawu gbagbe la o mahã?


Eye mate ŋu agblɔ kloe bena, wotso ʋu klo nuwo katã ŋuti le se la nu, eye ne womekɔ ʋu ɖe anyi o la, nuvɔ̃kekea ɖeke manɔ anyi o.


ke ne míele kekeli me zɔm, abe alesi eya ŋutɔ le kekeli me ene la, ekema míedo ƒome kple mía nɔewo, eye Via Yesu Kristo ƒe ʋu la klɔa nuvɔ̃ katã ɖa le mía ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa