Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 5:7 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

7 Elabena bebli hafi amea ɖe aku ɖe ame dzɔdzɔea ɖe ta; ame nyui la, ɖewohĩ amea ɖe ado dzi aku ɖe eta.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

7 Elabena asesẽ hafi ame aɖe naku ɖe ame dzɔdzɔe ta, ke ame nyui la, ɖewohĩ ame aɖe ado dzi be yeaku ɖe eta.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 5:7
11 Mawu Ofanana  

Eye dzɔla la gblɔ bena: Ame gbãtɔ ƒe duƒuƒume ɖi Zadok vi Aximaaz tɔ. Tete fia la gblɔ bena: Ame nyui wònye, eye gbe nyui wòbe gbɔnae.


Ke aʋakɔ la ɖo ŋu bena: Megayi o; elabena ne míesi la, womabui na mí o, eye ne miaƒe akpa afã ku hã la, womabui na mi o; elabena ele abe mía dome ame akpe ewo ene. Eyata ne axɔ na mi tso dua me la, anyo wu.


Eme anye na ŋutsu, si naa nu ame, eye wòdoa nu na ame; eya ƒe nya aɖu dzi le ʋɔnudɔdrɔ̃ nu.


elabena dukɔ sia ƒe dzi ku atri, eye woƒe towo sẽ, eye womiã woƒe ŋkuwo, bena woagakpɔ nu kple ŋkuwo o, eye woagase nu kple towo o, eye woagase nu gɔme kple dzi, ne woatrɔ, eye mada gbe le wo ŋu o.“


Lɔlɔ̃ gã wu esia megale amea ɖeke si bena, woatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.


Elabena ame nyui wònye, eye wòyɔ fũ kple Gbɔgbɔ kɔkɔe kple xɔse; eye wotsɔ ameha gãa ɖe kpe ɖe Aƒetɔ la ŋu.


woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe;


Elabena Kristo gɔ̃ hã, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la, eku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le azãgbe, si woɖo ɖi la me.


Ke Mawu ɖe ye ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃, si wotsɔ lɔ̃ mí la fia bena, esime míeganye nuvɔ̃wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.


Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa