Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 5:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míeƒoa adegbe le xaxawo me hã, esi mienyae bena, xaxa dzia dzidodo;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Ke menye esia ɖeɖe ko o, ke boŋ míeƒoa adegbe le míaƒe fukpekpewo me hã, elabena míenya be fukpekpe dzia dzidodo;

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 5:3
21 Mawu Ofanana  

Ke nyea matso aseye, eye makpɔ dzidzɔ ɖe Mawu, nye xɔnametɔ la ŋu.


Le miaƒe dzigbɔɖanyi me la miaɖe miaƒe luʋɔwo.


Ke woawo la wodzo le ʋɔnudrɔ̃lawo ƒe ŋku me kple dzidzɔ be, wobu wo be, wodze bena woaɖo ŋukpe wo le eƒe ŋkɔ la ta.


Ke menye esia ɖeɖekoe o, hafi míele adegbe ƒom le Mawu me hã to mia Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, amesi me miekpɔ avuléle le azɔ.


Gake menye eya ɖeɖekoe o, hafi miawo hãe, mi amesiwo xɔ Gbɔgbɔ ƒe ŋgɔgbenu la, miawo hã miele ŋeŋem le mía me hele vinyenye, si nye míaƒe ŋutilã ƒe ɖeɖe la lalam.


Ke menye esia ɖeɖeko o, ke Rebeka boŋ hã, esime wòfɔ fu tso Isak, mía fofo ɖeka gbɔ la —


Elabena míaƒe aɖabaƒoƒo ɖeka me xaxa, si nu mesena o la, woa ŋutikɔkɔe mavɔ, si nu sẽna ŋutɔ, eye wòƒoa nusianu ta sãsãsã la, na mí,


Ke menye esia ɖeɖeko o, hafi hamewo tiae hã, bene wòanye mía hamɔzɔla le amenuveve sia, tsi miewɔna hena Aƒetɔ la ƒe kafukafu kple míaƒe lɔlɔ̃ ƒe ɖeɖefia la me.


Eyaŋuti la mele kuku ɖem na mi bena, ɖeɖi nagate mia ŋu le nye xaxa, siwo mekpɔ le mia ta, esiwo nye bubu na mi la ŋuti o.


elabena eɖi na mi le Kristo ta bena, menye ɖe miexɔ Kristo dzi se ɖeɖeko o, ke boŋ miekpea fu le eta hã;


Woayra ŋutsu, si doa dzi le tetekpɔ me la; elabena ne eva li ke la, akpɔ agbefiakuku, si ŋugbe Aƒetɔ la do na amesiwo lɔ̃nɛ la.


Ke ne miekpe fu le nu dzɔdzɔe ŋuti hã la, woayra mi. Ke migavɔ̃ woƒe vɔvɔ̃ o, eye ŋɔ hã nagadzi mi o;


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa