Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 5:21 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

21 bene alesi ke nuvɔ̃ la ɖu fia ɖe ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fía to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, mia Aƒetɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

21 be ale si nu vɔ̃ ɖu fia le ku me la, nenema ke amenuveve la hã naɖu fia to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to Yesu Kristo, míaƒe Aƒetɔ dzi.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 5:21
19 Mawu Ofanana  

Eye woawo la wòayi ɖe fukpekpe mavɔ la me, ke ame dzɔdzɔewo la wòayi ɖe agbe mavɔ la me.


Eye Nya la trɔ zu ŋutilã, eye wònɔ anyi le mia dome, eye míekpɔ eƒe ŋutikɔkɔe abe Tenuvi, si wodzi tso Fofoa gbã la, ƒe ŋutikɔkɔe ene, eye amenuveve kple nyateƒe yɔe fũ.


eye nye la mena agbe mavɔ wo, eye womele tsɔtsrɔ̃ ge akpɔ o, eye amea ɖeke mele woamawo xɔ ge sesẽ le asinye o.


Elabena menye se la me ŋugbedodo, si wodo na Abraham alo eƒe ƒome bena, wòanye xexeme ƒe domenyila la, to va o, ke boŋ eto xɔse ƒe dzɔdzɔenyenye me va.


Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;


gake ku la ɖu fia tso Adam dzi vaseɖe Mose dzi ɖe amesiwo mewɔ nuvɔ̃, si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la dzi, amesi nye amesi gbɔna la ƒe kpɔɖeŋu la.


Elabena nenye to ame ɖeka ƒe vodada me ku la ɖu fia to ame ɖeka dzi la, ekema amesiwo xɔ dzɔdzɔenyenye ƒe amenuveve kple nunana ƒe agbɔsɔsɔ la, woaɖu fia geɖe awu le agbe me to Yesu Kristo ɖeka dzi.


Eyata migana nuvɔ̃ la naɖu fia ɖe miaƒe ŋutilã, si le kuku ge la dzi, bena miaɖo to eƒe nudzodzrowo o.


Elabena nuvɔ̃ maɖu fia ɖe mia dzi o, elabena miegale se la te o, ke boŋ amenuveve la te miele.


Ɖe mienyae bena, amesi mietso mia ɖokui wɔ kluvi na, bene miaɖo toe la, miezu amesi mieɖoa toe la ƒe kluviwo, eɖanye nuvɔ̃ tɔ hena ku o alo toɖoɖo to hena dzɔdzɔenyenye o mahã?


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Ke ne Kristo le mia me la, ekema ŋutilã la ku le nuvɔ̃ ta, gake gbɔgbɔ la enye agbe le dzɔdzɔenyenye ŋuti.


Elabena Mawu ƒe amenuveve la ɖe eɖokui fia hetso xoxo vɛ na amewo katã,


Eyata minɛ miatsɔ dzideƒo ate va eƒe amenuvevezikpui la gbɔ, bene míaƒe asi nasu nublanuikpɔkpɔ dzi, eye míakpɔ amenuveve hena mía xɔxɔ le hiahiãgbe.


Ke amenuveve katã ƒe Mawu, amesi yɔ mi va eƒe ŋutikɔkɔe mavɔ la gbɔ le Kristo Yesu me la, ŋutɔ awɔ mi amesiwo kpe fu via ɖe ko la blibo, ado ŋusẽ mi, ali ke mi, eye wòaɖo mía gɔme anyi.


Simon Petro, Yesu Kristo ƒe dɔla kple apostolo, ŋlɔ ɖo ɖe amesiwo kpɔ xɔse xɔasi ma ke kpli mí le mía Mawu kple mía xɔla Yesu Kristo ƒe dzodzoenyenye la me:


Eye ŋugbedodo, si eya ŋutɔ ɖo na mí la, eya nye agbe mavɔ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa