Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 5:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 Gake menye sigbe alesi vodada li la, nenema ke nye amenuvevenunana hã o; elabena nenye ame ɖeka ƒe vodada ŋuti ame geɖewo ku ɖo la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana, si le Yesu Kristo, ame ɖeka ƒe amenuveve me la, sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 Gake ale si vodada li la, menye nenema kee nye amenuveve ƒe nunana hã o; elabena ne ame geɖewo ku ɖe ame ɖeka ƒe vodada ta la, ekema Mawu ƒe amenuveve kple nunana si va to Yesu Kristo ƒe amenuveve me la sɔ gbɔ geɖe wu hegbã go ɖe ame geɖewo dzi.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 5:15
20 Mawu Ofanana  

Akpa nu kple ŋku, wòaɖi ƒo nɛ le eƒe luʋɔ ƒe agbagbadzedze ta. Nye dɔla dzɔdzɔe la atsa nunya atso afia na ame geɖewo, eye wòade ta woƒe vodadawo te.


Amesiwo le alo dɔm le anyigba ƒe ke mala dometɔ geɖewo anyɔ: woƒe ɖewo bena agbenɔnɔ mavɔmavɔ, eye bubuwo bena ŋukpe kple ŋunyɔ mavɔmavɔ.


abe alesi Amegbetɔvi la meva bena, woasubɔ ye o, ke boŋ bena yeasubɔ, eye yeatsɔ eƒe agbe la ana ɖe ame geɖewo ƒe xoxo ta la ene.


elabena esiae nye nye ʋu, si nye nubabla yeye la ta, si wokɔ ɖe anyi le ame geɖewo ŋuti hena nuvɔ̃keke la.


Elabena ale gbegbe Mawu lɔ̃a xexeame bena, wòtsɔ ye ŋutɔ ƒe Tenuvi hena, bena amesiame, si xɔa edzi sena la, mele tsɔtsrɔ̃ ge o, ke boŋ wòakpɔ agbe mavɔ.


Yesu ɖo ŋu gblɔ nɛ bena: Ɖe nènya Mawu ƒe nunana la kple amesi nye amesi gblɔ na wò bena: Na ɖem mano la, ne wò boŋ àbiae, eye wòana agbetsi wò.


Ke boŋ to Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve me la miexɔe se bena, míakpɔ xɔxɔ abe woamawo ke ene.


Esiaŋuti alesi to ame ɖeka dzi nuvɔ̃ la va xexeame, eye to nuvɔ̃ me ku la va, eye nenema ku la va to amewo katã dzi yi, esi wo katã wɔ nuvɔ̃ ŋuti la;


Elabena nuvɔ̃ la ƒe fetue nye ku; ke Mawu ƒe amenuvevenunana la enye agbe mavɔ le Kristo Yesu, mia Aƒetɔ me.


Elabena Kristo fe lɔlɔ̃ la le mia kplɔm,


Woada akpe na Mawu le eƒe nunana manyagblɔ la ŋuti!


(Elabena amenuveve wotsɔ ɖe mi to xɔse me, eye esia la metso mia ŋutɔwo mia me o, Mawu ƒe nunanae;


Gake miekpɔ Yesu, amesi wòbɔbɔ ɖe anyi ɣeyiɣi kpuia ɖe wu mawudɔlawo la bena, le ku ƒe fukpekpe ta la wotsɔ ŋutikɔkɔe kple bubu ɖɔ nɛ, bene wòaɖɔ ku akpɔ ɖe amesiame nu to Mawu ƒe amenuveve me.


Eye eya kee nye avuléle le miaƒe nuvɔ̃wo ŋuti; ke menye le mía to ŋuti ɖeɖeko o, ke boŋ le xexe blibo la katã hã tɔ ŋuti.


Eye ɖaseɖiɖi la enye si bena, Mawu na agbe mavɔ mí, eye agbe sia le Via me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa