Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 4:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Elabena nenye wotso afia na Abraham tso dɔwɔwɔwo me la, nane le esi, si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Ne ele eme vavã be wotso afia na Abraham to eƒe dɔwɔwɔwo me la, ekema nane li si ŋuti wòaƒo adegbe le, gake menye le Mawu ŋkume o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 4:2
21 Mawu Ofanana  

Eye Farao yɔ Abram ve gblɔ ne bena; Nuka enye si nèwɔ ɖe ŋunye; nukaŋuti megblɔe nam bena, ye srɔ̃e wònye o mahã?


Eye Farao do amewo, bena woakplɔ eya kple srɔ̃a kple etɔwo katã aɖo ɖa.


Eye wògblɔ nam bena. Yi ɖe eme, ne nakpe ŋunyɔnu vɔ̃ɖi, siwo wɔm wole le afisia la ɖa!


Eyata nye adegbeƒoƒo, si le asinye la, ele Kristo Yesu me le Mawu ƒe do ŋuti.


bene ŋutilãa ɖeke nagaƒo adegbe le Mawu ƒe ŋku me o.


bene amesi ke ƒoa adegbe la, naƒo adegbe le Aƒetɔ la me, abe alesi woŋlɔ ɖi ene.


Elabena ameka na nèto vovo ma? Eye nukae le asiwò, si mèxɔ oa? Ke ne wò hã nèxɔe la, nukaŋuti nèle adegbe ƒom abe menye ɖe nèxɔe ene oa?


Elabena ne megblɔ nyanyuie fia la, menye kafukafu nam o, elabena ele nam kokoko be, mawɔe; elabena nenye be, nyemegblɔ nyanyuie la fia o la, baba nam!


Ke nusi mewɔna la, mawɔe hã, bene mana mɔnukpɔkpɔ nu natso na amesiwo dia mɔnu, bene woakpɔ wo le nusi me woƒo adegbe le la me abe míawo hã ene.


Ne ele nam be, maƒo adegbe la, maƒo adegbe le nusiwo le nye gbɔdzɔgbɔdzɔ gome la ŋuti.


Miegale mía ɖokui kafum na mi o; ke miana asinukpɔkpɔ mi, nena míate ŋu aƒo adegbe le mia ŋuti, bena adegbeƒoƒo nanɔ mia si ɖe amesiwo ƒoa adegbe le ŋku me, eye menye le dzi me o la ŋuti.


Ke ŋɔŋlɔ la tu nuwo katã nu ɖe nuvɔ̃ te, bene woatsɔ ŋugbedodo la tso Kristo dzixɔxɔse me na amesiwo xɔna sena la.


menye dɔwɔwɔ me wòtso o, bene amea ɖeke nagaƒo adegbe o.)


eye woakpɔm le eyama me, bena nye ŋutɔ nye dzɔdzɔenyenye, si tso sea me la, naganɔ asinye o, ke boŋ esi to Kristo dzixɔse me, dzɔdzɔenyenye, si tso Mawu gbɔ le dzixɔse ta la nana asinye,


Eye Yosua gblɔ na dukɔ blibo la bena: Ale Yehowa, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Tsãtsãtsã la mia fofowo nɔ tɔsisi la ƒe go keme dzi, Tarax, Abraham kple Naxor fofo, eye wosubɔ mawu bubuwo.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa