Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 4:13 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

13 Elabena menye se la me ŋugbedodo, si wodo na Abraham alo eƒe ƒome bena, wòanye xexeme ƒe domenyila la, to va o, ke boŋ eto xɔse ƒe dzɔdzɔenyenye me va.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

13 Menye to se la mee Abraham kple eƒe dzidzimeviwo xɔ ŋugbedodo la le be anye xexea me ƒe domenyila o, ke boŋ to dzɔdzɔenyenye si tso xɔse mee.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 4:13
15 Mawu Ofanana  

Mayra amesiwo yra wò, ke amesiwo doa vlo wò la, maƒo fi ade wo, eye le wò me woayra anyigba dzi meawo katã le.


Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi hã na wò. Mayrae ale bena, wòava nye dukɔwo kple dukɔwo dziɖulawo dada.


Eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye nakeke ta ɖe ɣetoɖoƒe, ɣedzeƒe, anyiehe kple dziehe, eye woayra anyigba dzi dukɔwo katã. Ne mia kple wò dzidzimeviwo me.


Atamkayi magbe Yuda si nanɔ o, eye womede fiatikplɔ da le ekɔme o, vaseɖe esime amesi tɔ wònye nava; amesi dukɔwo ana tae.


Biam, eye matsɔ dukɔwo awɔ wò domenyinu kple anyigba ƒe mlɔenuwo awɔ tɔwòe!


Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.


Eye miawo míele nyanyuie, si ŋugbe wodo na fofoawo la, gblɔm fia mi,


bene wòanye fofo na aʋatsotsotɔwo hã, amesiwo metso aʋatsotso me ɖeɖeko o, hafi amesiwo zɔna le mía fofo Abraham ƒe xɔse, si le esi le aʋamatsomatso me la ƒe afɔtoƒewo me la boŋ.


esia nye be: Menye ŋutilã ƒe viwoe nye Mawu ƒe viwo o, ke ŋugbedodo ƒe viwo boŋ woabu be ƒome.


Ke ne míenye Kristo ta la, ekema Abraham ƒe ƒome kple domenyilawo míenye le ŋugbedodo la nu.


Le xɔse me Noa, esime wòxa ɖeɖefia tso Mawu gbɔ le nusiwo womekpɔ haɖe o ŋuti la, etsɔ mawuvɔvɔ̃ wɔ aɖakaʋu hena eƒemetɔwo ɖeɖe, nusi me wòto bu fɔ xexemetɔwo, eye wòzu dzɔdzɔenyenye, si tso xɔse me la, ƒe domenyila.


ke ame ma, si ƒe dzidzime metso wo gbɔ o la, xɔ nuwo ƒe ewolia tso Abraham si me, eye wòyra amesi si ŋugbedodo le.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa