Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 3:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Alo ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖeko tɔ, eye menye trɔ̃subɔlawo to hã oa? Ẽ, trɔ̃subɔlawo to hã wònye:

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Ɖe Mawu nye Yudatɔwo ɖeɖe ko ƒe Mawua? Ɖe Mawu menye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu oa? Ɛ̃, enye ame siwo menye Yudatɔwo o hã ƒe Mawu.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 3:29
31 Mawu Ofanana  

Eye Abraham gblɔ na Mawu bena: Ismael netsi agbe na wò ko!


Ke nye la ŋɔ menye, menye amegbetɔ o; amewo ƒe alɔmeɖenu menye, eye dukɔ la ɖo vlom.


Mawu, ve mía nu, eye nayra mí, na wò mo naklẽ na mí, Sela,


Eƒe ŋkɔ anɔ anyi tegbetegbe; ŋkeke alesi ɣe li la, eƒe ŋkɔ amie, eye amewo atsɔe ayra wo nɔewoe; dukɔwo katã akafui.


Elabena wɔwòla enye srɔ̃wò, eŋkɔ nye Yehowa Zebaot, eye wò ɖela enye Israel ƒe kɔkɔeto la, eŋkɔ nye xexeame blibo ƒe Mawu.


Yehowa, wòe nye míaƒe ŋusẽ, míaƒe mɔ̃ sesẽ kple míaƒe sitsoƒe le hiãɣi! Dukɔwo atso anyigba ƒe mlɔeanuwo ava gbɔwò agble bena: Alakpa ɖeɖe sɔŋ mía fofowo tso nyi domee, toflokowo wonye, eye womele ɖeke me o.


ke boŋ nusi mele babla ge kple Israel ƒe aƒe la le ŋkeke siawo megbe la, enye esi: Matsɔ nye se la ade woƒe dɔ me, eye maŋlɔe ɖe woƒe dzi ŋu, manye Mawu na wo, eye woawo nanye nye dukɔ, Yehowa ye gblɔe.


Hee! Mi amesiwo le Babel-nyɔnuvi gbɔ, misi yi Zion!


Elabena nye ŋkɔ lolo le dukɔwo dome tso ɣedzeƒe va-seɖe ɣetoɖoƒe, eye woado dzudzɔ ahasa vɔ dzadzɛ na nye ŋkɔ le teƒewo katã; elabena nye ŋkɔ lolo, le dukɔwo dome, Yehowa Zebaot ye gblɔe.


„Nye enye Abraham ƒe Mawu, Isak ƒe Mawu kple Yakob ƒe Mawu“ la o mahã? Menye ame kukuwo ƒe Mawu wònye o, ke boŋ ame gbegbewo toe.


Miheyi ɖawɔ dukɔwo katã ne woanye nusrɔ̃lawo, miade mawutsi ta na wo ɖe Fofo la kple Vi la kpakple Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe ŋkɔa me,


Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o,


Eye wògblɔ nam bena; Heyi, elabena mele da wò ge aɖo ɖe trɔ̃subɔlawo dome ʋĩ.


eye maɖe wò atso dukɔ la kple trɔ̃subɔla, siwo gbɔ mele dɔwòm ɖo la, si me,


Gake Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Heyi, elabena amesia enye dɔwɔnu tiatia nam, be wòatsɔ nye ŋkɔ la ayi ɖe trɔ̃subɔlãwo kple fiawo kpakple Israel-viwo ƒe ŋku me;


Elabena nyanyuie la mekpea ŋu nam o, elabena enye Mawu ƒe ŋusẽ, si naa agbexɔxɔ amesiame, si xɔna sena la, Yudatɔwo gbã kple Helatɔwo hã.


Elabena vovototoa ɖeke mele Yudatɔ kple Helatɔ dome o, elabena Aƒetɔ ma kee nye wo katã tɔ, eyae nye kesinɔtɔ na amesiwo katã yɔnɛ la.


bene manye Yesu Kristo ƒe dɔtsɔla na trɔ̃subɔlawo, eye mawɔ Mawu ƒe nyanyuie la ƒe nunɔnɔdɔ, bene trɔ̃subɔlawo nazu vɔsa, si adze eŋu, eye eŋuti ko to Gbɔgbɔ kɔkɔe la me.


bene Abraham ƒe yayra la nava trɔ̃subɔlawo dzi le Kristo Yesu me, bene miaxa Gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe ŋugbedodo la to xɔse me.


bena trɔ̃subɔlawo zu ŋugbedodo ƒe domenyilawo kple hadelawo kple gomekpɔlawo le Kristo Yesu me to nyanyuie la me,


afisi Helatɔ kple Yudatɔ, aʋatsotso kple aʋamatsomatso, gbegãdzitɔwo kple Skitetɔ, kluvi kple ablɔɖevia ɖeke megali o, ke Kristo enye wo katã, eye wòle wo katã me.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa