Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 3:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Elabena to se la ƒe dɔwɔwɔwo me la womatso afia na ŋutilãa ɖeke le eƒe ŋku me o; elabena se la me nuvɔ̃ ƒe sidzedze dzɔ tso.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Eya ta Mawu matso afia na ame aɖeke be ele dzɔdzɔe to se la dzi wɔwɔ me o; ke boŋ to se la me la, míedea dzesi nu vɔ̃.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 3:20
24 Mawu Ofanana  

Kpɔ ɖa, meɖoa dzi ɖe eƒe ame kɔkɔewo ŋu o, eye dziƒo medza le eŋku me o,


Yehowa, ne èbe, yealé vodadawo ɖi la, Aƒetɔ, ameka anɔ te ma?


Eye megaɖrɔ̃ ʋɔnu wò dɔla o, elabena ŋkuwò me la agbagbea ɖeke menye dzɔdzɔetɔ o.


wotsoa afia na amesiame, si xɔ edzi se.


Elabena menye amesiwo sea se la, wonye ame dzɔdzɔewo le Mawu ƒe ŋku me o, hafi boŋ woatso afia na amesiwo wɔa se la dzi.


Eyata míebuna bena, wotsoa afia na ame to xɔse me, se la ƒe dɔwɔwɔwo manɔmee.


Elabena menye se la me ŋugbedodo, si wodo na Abraham alo eƒe ƒome bena, wòanye xexeme ƒe domenyila la, to va o, ke boŋ eto xɔse ƒe dzɔdzɔenyenye me va.


Elabena se la hea dziku vɛ; gake afisi se mele o la, dzidada hã meli o.


elabena vaseɖe sededeŋɔli ke nuvɔ̃ le xexeame, gake ne se meli o la, womebua nuvɔ̃ o;


Ke se la va tra ɖe eme, bene vodada la nasɔ gbɔ ɖe dzi; ke afisi nuvɔ̃ la sɔ gbɔ le la, amenuveve la sɔ gbɔ geɖe wu,


Elabena esi nuvɔ̃ la kpɔ mɔ to sedede me la, eblem, eye wòtso eya ke hewum.


Nukaŋuti? Elabena womedii tso xɔse me o, ke wodii tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me; wokli nukikli ƒe kpe la,


Elabena ku ƒe ti enye nuvɔ̃, ke nuvɔ̃ ƒe ŋusẽ enye se la.


ke esi míenyae bena, wometsoa afia na ame tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o, ke boŋ to Yesu Kristo dzixɔxɔse me ɖeɖeko ŋuti la, eyata míawo hã míexa Yesu Kristo dzi se, bene woatso afia na mí to Kristo dzixɔxɔse me, eye menye tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o; elabena wometsoa afia na ŋutilãa ɖeke tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me o.


Ke nye la meto se la me ku na se la, bene manɔ agbe na Mawu. Mía kple Kristo woklã ɖe atitsoga ŋu.


Mi amesiwo ɖi be, woatso afia na mi to sea me la, woklã mi ɖa tso Kristo gbɔ: amenuveve la sie miege le.


— elabena se la mewɔa naneke blibo o, — eye wotsɔa mɔkpɔkpɔ, si nyo wu sã la vɛ, esi me miato ale ɖe Mawu ŋuti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa