Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 3:19 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

19 Ke míenyae bena, nusianu, si se la le gbɔgblɔm la, etonɛ na amesiwo le se la me, bene amesiame ƒe nu natsi te, eye xexeme blibo la katã nazu fɔɖila na Mawu.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

19 Azɔ la, míenya be nya sia nya si se la gblɔ la, egblɔe na ame siwo le se la te, be amewo nazi ɖoɖoe, eye Mawu nadrɔ̃ ʋɔnu xexea me katã.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 3:19
24 Mawu Ofanana  

Mɔkpɔkpɔ li na hiãtɔ, eye nu vlo wɔwɔ amia nu.


Dzime dzɔdzɔe tɔwo kpɔe, eye dzi dzɔ wo, eye vɔ̃ɖiwɔwɔwo katã miã nu.


Woatsɔ wo ade yi nu, eye woazu aboyonu na amegãxiwo.


ne naɖo ŋui, ŋukpe nalé wò, eye wò nu nade ga le ŋukpe ta, nenye be, metsɔ nusiwo katã nèwɔ la, ke wò, Aƒetɔ Yehowa ye gblɔe!


Gake bena woawu nya, si woŋlɔ ɖe woƒe sea me la nu bena: „Woléa fum dzodzro!“


Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina.


Elabena tso xexemewɔwɔ dzi la, ne wobua tame le eŋuti la, wokpɔa eƒe numanyakpɔ, si nye eƒe ŋusẽ mavɔmavɔ kple mawunyenye la kɔte le eƒe dɔwɔwɔwo me, bena taflatsedodoa ɖeke naganɔ wo si o.


Nu geɖe le go sia go me; gbã wotsɔ Mawu ƒe nyawo ɖewo si.


elabena wo katã wɔ nuvɔ̃, eye Mawu ƒe ŋutikɔkɔe hiã wo tim,


Gbeɖe! Hafi nenɔ ale: Mawu nye nyateƒetɔ, ke amesiame aʋatsokalae, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Bene woatso afia na wò le wò nyawo me, eye bene naɖu dzi, ne wodrɔ̃ ʋɔnu wò.“


Azɔ la, aleke wòle? Ɖe mia tɔ ƒo ame bubuwo tɔ ta mahã? O, mele nenema kura o; elabena mietso Yudatɔwo kple Helatɔwo nu da ɖi bena, wo katã wole nuvɔ̃a te,


bene ŋutilãa ɖeke nagaƒo adegbe le Mawu ƒe ŋku me o.


Elabena ame alesi nu tso se la ƒe dɔwɔwɔwo me la, wole fiƒode la te; elabena woŋlɔ ɖi bena: „Woaƒo fi ade amesiame, si mena nusianu, si woŋlɔ ɖe anyi le sea ƒe agbalẽ me la dzi, bene wòawɔ edzi o la.“


Migblɔe nam, mi amesiwo le didim be, yewoanɔ sea te la, miese se la oa?


bene wòaxe fe ɖe amesiwo le sea te la ta, bene vinyenye la nasu mía si.


Ke ne Gbɔgbɔ la le mia kplɔm la, miegale sea te o.


Ekpɔa eƒe ame dzɔdzɔewo ƒe afɔ dzi, ke ame vlowo atsrɔ̃ ɖe viviti me; elabena ame ƒe ŋusẽ mena wòzua dziɖula o.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa