Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:5 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

5 Ke wò la, le wò dzi sesẽ, si metrɔ o la nu, nèƒo dziku nu ƒu ɖi na ɖokuiwò hena dziku ƒe ŋkeke kpakple Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe ƒe ɖeɖefia la,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

5 Gake ɖe miaƒe tomaɖomaɖo kple dzimesesẽ ta la, miaƒe nu vɔ̃wo le agbɔ sɔm ɖe edzi, hele Mawu ƒe dɔmedzoeŋkeke la lalam, esime wòadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:5
40 Mawu Ofanana  

Migasẽ ta me abe mia fofowo ene o, ke boŋ mina asi Yehowa, eye miva eƒe kɔkɔeƒe, si ŋu wòkɔ tegbee la, eye misubɔ Yehowa, mia Mawu, ne eƒe dɔmedzoe nu nata ɖe mia ŋu.


Edze aglã ɖe fia Nebukadnezar, amesi na wòta Mawu nɛ la hã ŋu, esẽ ʋu me, eye wosẽ eƒe ta me, ale be metrɔ ɖe Yehowa, eƒe Mawu la ŋu o.


wokpɔa ame vɔ̃ɖi ta le gbegblẽɣi, eye wotsonɛ ɖi le dɔmedzoedogbe oa?


Aƒetɔ la le wò nuɖusi me, agbã fiawo le dɔmedzoe me nyanyanya.


migasẽ miaƒe dzime ahe le Meriba kple gbemagbe le Masa le gbeadzi ene o!


Nye la mana Egiptetɔwo ƒe dzime nasẽ, eye woakplɔ wo ɖo, be maɖe nye ŋusẽ afia ɖe Farao kple eƒe aʋakɔ la katã, eƒe tasiaɖamwo kpakple eƒe sɔɖolawo ŋuti.


Heyi ko, eye nakplɔ dukɔ la ayi teƒe, si megblɔ na wò la, eye nye dɔla adze ŋgɔwò. Gake ne nye toheɣi ɖo la, maxe woƒe nuvɔ̃wo ŋuti fe na wo.


Eye afakalawo gblɔ na Farao bena: Esia la Mawu ƒe asibidee! Ke Farao ƒe dzime sẽ, eye meɖo to wo o, abe alesi Yehowa gblɔ ene.


Woawo la woawo ŋutɔ ƒe ʋu ŋue wole xa ɖem ɖo, eye woawo ŋutɔ ƒe agbe ŋue wole adeklo dzi ɖo.


Kesinɔnu menye viɖea ɖeke le dzikudogbe o; ke dzɔdzɔenyenye ɖea ame tsoa ku me.


Woayra ŋutsu, si le vɔvɔ̃ dzi daa, ke amesi sẽ eƒe dzi me goŋgoŋ la, adze dzɔgbevɔ̃e me.


Amesi woka mo na zi geɖe, ke wòsẽ la me la, agbã zi ɖeka gudugudu, eye gbedada manɔ eŋu o. Ne ame dzɔdzɔewo dzi de dzi la, dukɔ kpɔa dzidzɔ; ke ne ame vɔ̃ɖi le fia ɖum la, dukɔ dua tse.


Elabena Mawu le nuwɔwɔwo katã, siwo ɣla la, he ge ava ʋɔnui, eɖanye nyui alo vɔ̃ o.


Esi menyae be, wò tame sẽ, wò ʋume nye gakpɔti, eye wò ŋgonu nye akɔbli la,


Yehowa na wòva me, eye wòwɔ abe alesi wògblɔ ene, elabena miewɔ nuvɔ̃ ɖe Yehowa ŋu, eye mieɖo to eƒe gbe o, eyata nusia dzɔ ɖe mia dzi ɖo.


Mana dzi bubu wo, eye maɖe gbɔgbɔ yeye wo me, maɖe kpedzi le dɔ me na wo, eye mana lãkusidzi wo,


Ke Israel ƒe aƒe la mele to ɖo ge wò o, le esi wogbe toɖoɖom ta; elabena ŋgonu kplala kple dzi kuatri li na Israel ƒe aƒe blibo la.


Ke esi eƒe dzi do eɖokui de dzi, eye eƒe gbɔgbɔ se ta me hede asi dada me la, wotutui tso eƒe fiaɖuƒe ƒe fiazikpui la dzi, eye woxɔ bubu le esi.


Wodzi Efrayim ƒe vodadawo goŋgoŋ, eye wotu nu ɖe eƒe nuvɔ̃ nu sesĩe.


Yehowa be: Womenya nu dzɔdzɔe wɔwɔ o, eye woli kɔ nu madzɔmadzɔ wɔwɔ kple ŋutasesẽ ɖe woƒe fiasãwo me gleglegle.


Elabena woɖe Mawu ƒe dziku ɖe go tso dziƒo ɖe amegbetɔwo ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ kple madzɔmadzɔnyenye katã dzi, amesiwo xea mɔ na nyateƒe le madzɔmadzɔnyenye me.


Elabena nɔvinyewo, nyemele didim bena, nenem nya ɣaɣla sia nanɔ manyamanya ɖe mi o, bene miagabu mia ɖokui aɖaŋudzelawo o bena, dzimesesẽ va Israel ƒe amea ɖewo dzi, halase esime trɔ̃subɔlawo ƒe dedeme blibo la nava yi ɖe eme,


Ke ne Mawu, esime wòle didim be, yeaɖe eƒe dziku ɖe go afia, eye yeana wòanya eƒe ŋusẽ la, tsɔ dzigbɔgbɔ blewu geɖe lé dziku ƒe ze, siwo wodzra ɖo ɖi hena gbegblẽ la, ɖe asi,


Elabena ele na mí katã bena, miatsɔ mía ɖokui afia le Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ, bene amesiame naxɔ nu ɖe alesialesi wòwɔ le ŋutilã me nɔnɔ me la nu, nenye nyuie alo vɔ̃.


Ke fia Sixon, amesi nɔ Xesbon, melɔ̃ be, míato egbɔ ayi o, elabena Yehowa, wò Mawu, na eƒe ame do kpe, eye eƒe dzime sẽ, bena wòatsɔe ade asi na wò, abe alesi wòzu egbe siawo ene.


Alo womedzra nusia ɖo ɖe gbɔnye oa, eye woɖo ŋkɔ edzi le nye nuwo dome oa?


nusiwo nye Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dzɔdzɔe la ƒe dzesi bena, wobu mi be, miedze Mawu ƒe fiaɖuƒe, si ŋuti míekpe fu ɖo la,


ke mixlɔ̃ nu mia nɔewo gbesiagbe boŋ, ŋkeke alesi woyɔ egbegbe, bene nuvɔ̃ ƒe beble nagasẽ mia dometɔa ɖeke ƒe dzime o.


Esime wògblɔ be: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime, abe alesi wowɔ le dɔmedzoe me ene o!“


egaɖo ŋkekea ɖe le Dawid nu le ɣeyiɣi sia megbe bena: „Egbegbe,“ abe alesi wogblɔ ɖi ene bena: „Egbegbe, ne miese eƒe gbe la, migasẽ miaƒe dzime o.“


Miaƒe sika kple klosalo lé ɣebia, eye woƒe ɣebialéle atrɔ zu ɖaseɖiɖi na mi, eye woaɖu miaƒe lãme keŋ abe dzo ene. Mieƒo nu nyuiwo nu ƒu le nuwuwu ŋkekeawo me.


Elabena Yehowa gbɔ wòtso be, woƒe dzime sẽ, eye woho aʋa ɖe Israel ŋu, ne woatsrɔ̃ wo gbidigbidi, womave wo nu o, ke boŋ woatsrɔ̃ wo, abe alesi Yehowa de se na Mose ene.


ale Aƒetɔ la nya alesi wòaɖe mawumemewo atso tetekpɔwo me, eye wòadzra ame madzɔmadzɔwo ɖo hena ʋɔnudrɔ̃gbe, bene woatu fe vɔ̃ na wo;


Ke wotsɔ nya ma ke dzra fifi dziƒo kple anyigba la ɖo, eye woda wo ɖi na dzo, vaseɖe ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple gbegblẽ ƒe ŋkeke la dzi.


Eye mawudɔla, siwo medzra woƒe amegãnyenye ɖo o, ke wogblẽ woa ŋutɔwo ƒe nɔƒe ɖi la, wotsɔ kɔsɔkɔsɔ mavɔwo bla wo hedzra wo ɖo ɖe viviti tsiɖitsiɖi me hena ŋkeke gã la ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃.


Eye mena ɣeyiɣie, be wòatrɔ le eƒe dzi me, gake melɔ̃ be, yeatrɔ tso eƒe ahasiwɔwɔ me o.


Nukaŋuti miehe, yewoasè dzime, abe alesi Egiptetɔwo kple Farao sẽ dzinye enea? Alo esi wòɖee le eme na wo ɖe, womeɖe asi le wo ŋu wodzo oa?


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa