Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 hafi amesi nye Yudatɔ le ɣaɣla me la, eya boŋ enye Yudatɔ, eye dzimeʋatsotso le gbɔgbɔ me, menye le agbalẽŋlɔdzesi nu o la, eyae nye aʋatsotso; amesi ƒe kafukafu metso amewo gbɔ o, ke tso Mawu gbɔ boŋ.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Gbeɖe, ame si nye Yudatɔ vavã la nye Yudatɔ tso eƒe dzi me ke, eye aʋatsotso siae nye ame ƒe dzi ƒe aʋatsotso to Gbɔgbɔ la ƒe ŋusẽ me, ke menye to nya si woŋlɔ ɖi la me o. Ame sia ƒe kafukafu tso Mawu gbɔ, ke menye tso amewo gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:29
27 Mawu Ofanana  

Nye Mawu, menyae be, wòe dzroa dziwo me kpɔna, eye dzimekɔkɔ nyoa ŋuwò. Nye dzime ko mena nusiawo katã faa; eye azɔ mekpe wò dukɔ, si le afisia kple dzidzɔ, be wona nu wò faa.


Tiro-vinyɔnu atsɔ nunana vɛ, eye dukɔwo ƒe kesinɔtɔwo aɖo mo ŋanɛ na wò.


Yerusalem, klɔ vɔ̃ɖiwɔwɔ ɖa le wò dzi ŋu, ne woaxɔ na wò. Ɣekaɣi tamesusu vɔ̃ɖiwo nanɔ wò dzi me ase ɖo?


Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Na Egipte kple Yuda, na Edom kple Amon-viwo, na Moab kple akotsola, siwo katã le gbegbe. Elabena dukɔwo katã nye bolotɔwo, eye dzi matsomatso li na Israel ƒe aƒe blibo la.


Eye Aƒetɔ la gblɔ nɛ bena: Mi egbe farisitɔwo, mieklɔa kplu kple agba ŋuti, ke mia me yɔ fũ kple adzodada kple vɔ̃ɖinyenye.


alo woagblɔ bena: kpɔ ɖa, afii alo afimee o; elabena kpɔ ɖa, mawufiaɖuƒe la le mia dome.


elabena wolɔa amewo ƒe bubu wu Mawu ƒe bubu.


Gake gaƒoƒo gbɔna, eye wòde azɔ, esi nyateƒegbedoɖalawo ado gbe ɖa na Fofo la le gbɔgbɔ kple nyateƒe me; elabena Fofo la dia gbeɖoɖala siawo tɔgbe.


Aleke lawɔ miawo miate ŋu axɔ ase, esi miele kafukafu xɔm tso mia nɔewo gbɔ, eye kafukafu ma, si tso Mawu ɖeka gbɔ la, miedia eya o mahã?


Elabena mawufiaɖuƒe la menye nuɖuɖu kple nunono o, ke dzɔdzɔenyenye kple ŋutifafa kple dzidzɔ le Gbɔgbɔ kɔkɔe me boŋ ye.


Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi.


Azɔ la, nukae nye Yudatɔ ƒe nu nyui, si ƒo ta la, alo nu kae nye aʋatsotso ƒe viɖea?


ke azɔ la wotu mi tso se la me, elabena míeku na nusi lé mí ɖe asi, bene miasubɔ le Gbɔgbɔ ƒe yeyenyenye me, menye le agbalẽŋlɔdzesi ƒe xoxonyenye me o.


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Aʋatsotso la menye naneke o, eye aʋamatsomatso hã menye naneke o, ke Mawu ƒe sedziwɔwɔ enye nu la.


Elabena menye amesi tsia eɖokui la, nye ame nyui o, ke boŋ amesi Aƒetɔ la kafuna lae.


amesi hã wo mi miedze be, mianye nubabla yeye ƒe subɔlawo, menye agbalẽŋlɔdzesi tɔwo o, hafi Gbɔgbɔ tɔwo boŋ. Elabena agbalẽŋlɔdzesi la wua ame, ke Gbɔgbɔ la gbɔa agbe ame.


Eyata mitso aʋa na miaƒe dziwo, eye migalia ʋume azɔ o.


Eye Yehowa, wò Mawua atso aʋa na mia kple wò dzidzimeviwo ƒe dziwo, bena mialɔ̃ Yehowa, mia Mawu la, tso miaƒe dzi blibo kple luʋɔ blibo me, ne miano agbe.


Elabena mi amesiwo subɔa Mawu le gbɔgbɔ me la, miawoe nye aʋatsotso vavãtɔ la, eye míeƒoa adegbe le Kristo Yesu me, eye míeɖoa dzi ɖe ŋutilã ŋuti o.


ke boŋ abe alesi Mawu kpo mí míedze bena, wòtso nyanyuie la de asi na mí ene la, nenema ke míegblɔnɛ; menye abe amesiwo dzea amewo ŋu ene o, ke boŋ abe amesiwo dzea Mawu, si dzroa míaƒe dziwo me kpɔna la ŋu ene.


ke boŋ wòanye dzime ƒe ame ɣaɣla le gbɔgbɔ fatu, si nɔa anyi kpoo la, ƒe nɔnɔme magblẽmagblẽ me, si xɔ asi sesẽ le Mawu ƒe ŋku me.


Ke Yehowa gblɔ na Samuel bena: Megakpɔ eƒe dzedzeme kple eƒe atsudzɔdzɔ o, elabena megbee. Menye alesi amegbetɔ kpɔa nui o; elabena amegbetɔ kpɔa ŋku nu, ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa