Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:28 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

28 Elabena menye amesi ke nye Yudatɔ le gota la, enye Yudatɔ o, eye menye nusi ke le gota le ŋutilã ŋu la, enye aʋatsotso o;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

28 Ame si nye Yudatɔ le gotagome la, menye Yudatɔ vavã o, elabena aʋatsotso menye gotagomenu kple ŋutilãmenu ɖeɖe ko o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:28
17 Mawu Ofanana  

Asaf ƒe ha. Nyateƒee, Mawu ƒe dɔme nyo ɖe Israel ŋu, de amesiwo ƒe dzi dza la ŋu.


Mi Yuda-ŋutsuwo kple Yerusalem-tɔwo, mina woatso aʋa na mi na Yehowa, eye miɖe miaƒe dzi ƒe boloyiwo ɖa, ne nye dziku magalé dzo ge abe dzo ene, ahabi le miaƒe nuwɔwɔ vɔ̃ɖiawo ta, eye amea ɖeke mate ŋu atsii o.


Na Egipte kple Yuda, na Edom kple Amon-viwo, na Moab kple akotsola, siwo katã le gbegbe. Elabena dukɔwo katã nye bolotɔwo, eye dzi matsomatso li na Israel ƒe aƒe blibo la.


eye migabu ne miagblɔ le mia ɖokui me bena: Abraham enye mia fofo o; elabena mele egblɔm na mi bena: Mawu ate ŋu anyɔ viwo atso keke kpe siawo me ke na Abraham.


Yesu kpɔ Natanael gbɔna ɖe egbɔ, eye wògblɔ le eŋuti bena: Kpɔ ɖa, Israeltɔ vavãe, amesi me alakpa mele o.


Ke wò la, ne woyɔ wò be Yudatɔ, eye nèɖoa ŋu ɖe se la ŋu, eye nèƒo adegbe le Mawu me,


Elabena le Kristo Yesu me la aʋatsotso kple aʋamatsomatso siaa menye naneke o, ke nuwɔwɔ yeye boŋ.


Eyaŋuti la miɖo ŋku edzi bena, tsã la mi amesiwo nye trɔ̃subɔlawo le ŋutilã me, amesiwo woyɔna be aʋamatsomatso le amesiwo woyɔna be aʋatsotso, si wotsɔ asi wɔ le ŋutilã me la gbɔ la,


nusi nye kpɔɖeŋu na mawutsidedetaname, si ɖe miawo hã azɔ, si menye ŋutilãɖiƒoƒo ɖeɖeɖa o, ke boŋ dzitsinya nyui ƒe adzɔgbeɖeɖe na Mawu heto Yesu Kristo ƒe tsitretsitsi me,


Menya wò dɔwɔwɔwo kple wò xaxa kpakple wò ahedada — ke kesinɔtɔ nenye hafi — kple amesiwo gblɔna be, Yudatɔwo yewonye, eye womenyee o, ke boŋ Satana ƒe ƒuƒoƒe wonye la ƒe busubɔbɔ.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa