Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:15 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

15 abe amesiwo fia bene, woŋlɔ se la ƒe dɔwɔwɔ ɖe woƒe dziwo me la ene, eye woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase hekpena ɖe eŋu, eye woƒe tamebubuwo nɔa wo nɔewo nu tsom, alo wonɔa wo nɔewo nu ɖem hã,

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

15 togbɔ be se mele wo si o be woŋlɔ nu si se la bia la ɖe woƒe dziwo me, woƒe dzitsinya hã ɖia ɖase, eye ɣe aɖewo ɣi la, woƒe tamesusu hã bua fɔ wo, eye wòʋlia wo ta ɣe bubu ɣi.)

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:15
18 Mawu Ofanana  

Alo menye eya ŋutɔ gblɔ nam bena, ye nɔvinyɔnue, eye nyɔnua hã gblɔ nam bena, ye nɔviŋutsue oa? Nye dzime kɔ, eye nye asi dza le ekpɔkplɔme.


Eye fia la gblɔ na Simei be: Wò ŋutɔ ènya vɔ, siwo katã nèwɔ ɖe fofonye Dawid ŋu, eye wò dzi nyae. Yehowa agbugbɔ wò vɔ̃ɖivɔ̃ɖi la ava wò ta dzi.


Malé nye dzɔdzɔenyenye me ɖe asi sesie, eye nyemaɖe asi le eŋu o, nye dzi maɖo vlo nye ŋkekewo dometɔ ɖeka hã o.


Elabena ele ŋku dzi na wò be, wò hã edo ɖiŋu na ame bubuwo zi geɖewo.


Eye esi wosee la, woƒe dzi tsi nya na wo, ave wodo go ɖekaɖeka hedze egɔme tso xoxoawo dzi vaseɖe ɖevitɔwo dzi, eye wogblẽ Yesu ɖeka ɖi kple nyɔnu la le afisi wòle la, le titina.


Eye Paulo kpɔ ʋɔnudrɔ̃lawo dzi gã gblɔ bena. Ŋutsuwo, nɔviwo, nye la miezɔ le Mawu fe ŋku me le dzitsinya nyui blibo la katã me vaseɖe egbe ŋkeke sia dzi.


Le esia me nye hã meɖoa vevie, bena dzitsinya, si ŋu abia ɖeke mele o la, nanɔ asinye ɖaa le Mawu kple amewo ŋku me.


Elabena ne trɔ̃subɔla, siwo si se mele o la, wɔa nusi nye se la tɔ tso dzɔdzɔ me la, ekema amesiwo si se mele o la, wonye se na wo ɖokui,


Eye amesi nye aʋamatsomatsotɔ tso dzɔdzɔ me, gake wowu sea nu la, adrɔ̃ ʋɔnu wò amesi wònye agbalẽŋlɔdzesi kple aʋatsotso li na wò hafi, gake nèda se la dzi.


Nyateƒe gblɔm mele le Kristo me, nyemele aʋatso kam o, esi nye dzitsinya le ɖase ɖim kpe ɖe ŋunye le Gbɔgbɔ kɔkɔe me


Elabena miaƒe adegbeƒoƒo enye esi: Míaƒe dzitsinya ƒe ɖase, si wòɖina bena, miezɔ le xexe sia me le Mawu ƒe dzimekɔkɔ kple dzi dzadzɛ me, eye menye ŋutilã ƒe nunya me o: ke le Mawu ƒe amenuveve me boŋ, vevietɔ le mia dome.


Azɔ esi míenya Aƒetɔ la vɔvɔ̃ la, míeƒoa nya ɖe amewo nu, ke míedze ƒã le Mawu ƒe ŋku me; ke mele mɔ kpɔm bena, míedze ƒã le miaƒe dzitsinya me hã.


to aʋatsonufialawo ƒe alakpadada me, amesiwo wotsɔ ga xɔdzo ɖe dzesi wo le woa ŋutɔwo ƒe dzitsinya me,


Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa