Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 2:1 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

1 Eyata taflatsedodoa ɖeke mele asiwò o, oo ame, amesi ke ƒomevi nènye le ʋɔnu drɔ̃m la! Elabena nusi ke netsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke netsɔna bua fɔ ɖokuiwò; elabena wò amesi le ʋɔnu drɔ̃m la, wò ŋutɔ èwɔa nu mawo ke.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

1 Esia ta taflatsedodo aɖeke mele wò, ame si drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la si o. Nu si nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ame bubu la, eya ke nètsɔna drɔ̃a ʋɔnu ɖokuiwò, elabena wò ame si le ʋɔnu drɔ̃m ame bubu la, wò ŋutɔ èwɔa nu siawo ke.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 2:1
20 Mawu Ofanana  

Eye wògblɔ nɛ bena: Ame, amekae ɖom ʋɔnudrɔ̃la alo numãla ɖe mia dzi mahã?


Egblɔ ne bena: Wò ŋutɔ wò numenya metsɔ drɔ̃ ʋɔnu wò, dɔla vɔ̃ɖi! Enyae bena, nye la ame sẽŋuta menye, metsɔa nusi nyemeda ɖi o, eye meŋea nusi nyemeƒã o la,


Migadɔ ʋɔnu, eye woagadrɔ̃ ʋɔnu mi o; migabu fɔ, eye woagabu fɔ mi o, miɖe asi le amewo ŋu, eye woaɖe asi le mia ŋu;


Wò la, xɔse, si le asiwò la, nanɔ asiwò na wò ŋutɔ le Mawu ŋku me. Woayra amesi medrɔ̃ ʋɔnu eɖokui le nusi wòdo kpɔ wòdze la ŋuti o.


Ke mienyae bena, Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ le nyateƒe la nu va amesiwo wɔ nenem nusiawo la dzi.


Ke, oo ame, si le ʋɔnu drɔ̃m amesiwo woa nenem nusiawo, eye wò ŋutɔ nèwɔa nu mawo ke la, ɖe nèsusuna bena, yeate ŋu asi le Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ la nu mahã?


Azɔ la, aleke wòle? Ɖe mia tɔ ƒo ame bubuwo tɔ ta mahã? O, mele nenema kura o; elabena mietso Yudatɔwo kple Helatɔwo nu da ɖi bena, wo katã wole nuvɔ̃a te,


Blewu, oo ame! Ameka nènye, wò amesi le nya hem kple Mawu la mahã? Ɖe numeme la lagblɔ na mela bena: Nukaŋuti nèmem ale mahã?


Eyata migadrɔ̃ ʋɔnu naneke, hafi ɣeyiɣi la nava ɖo o, halase esime Aƒetɔ la ava, amesi ahe viviti me nya ɣaɣlawo ava kekeli nui, eye wòaɖe dzimedaŋudedewo ɖe go afia la, ekema amesiame akpɔ kafukafu tso Mawu gbɔ.


Elabena wò nyɔnu, aleke nènyae bena, ale ŋu axɔ srɔ̃wò ɖe agbe mahã? Alo wò ŋutsu, aleke nènyae bena, ate ŋu axɔ srɔ̃wo ɖe agbe mahã?


Ke, wò ame gbɔlo, ɖe nèle didim be, yeanyae bena, xɔse dɔwɔwɔ manɔŋutɔ la enye nu kuku mahã?


Nɔviwo, migadzu mia nɔewo o! Amesi ke dzua nɔvia, eye wòdrɔ̃ ʋɔnui la, edoa vlo se la, eye wòdrɔ̃ ʋɔnu se la. Ke ne edrɔ̃ ʋɔnu se la la, menye se la dziwɔla o, ke boŋ se la ƒe ʋɔnudrɔ̃la nènye.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa