8 Miɖuɖɔ Amplia, nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ me la, nam ƒã.
8 Mido gbe na Ampliato, ame si nye nye lɔlɔ̃tɔ le Aƒetɔ la me.
Eye ne miedoa gbe na mia nɔviwo ɖeɖe ko la, wɔwui ka wɔm miele? Alo menye xexemeviwo hã wɔa nenema ke o ɖe?
eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Epeneto, nye lɔlɔ̃tɔ, si nye kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia la, nam ƒã.
Miɖuɖɔ Andronika kple Yunia, siwo nye ƒonyemeawo kple hanyegatɔwo, amesiwo xɔ ŋkɔ le apostoloawo dome, amesiwo tre kristotɔnyenye nam la, nam ƒã.
Miɖuɖɔ Urbano, si nye mía hadɔwɔla le Kristo me la, kple Staxis, nye lɔlɔ̃tɔ la, nam ƒã.
Eyata, nɔvinye lɔlɔ̃tɔ, siwo le dzroyem, nye dzidzɔ kple nye fiakuku la, minɔ tsitre sesĩe nenema le Aƒetɔ la me, nye lɔlɔ̃viwo!
Míawo la míenyae be, mieto ku me heyi ɖe agbe lãme; elabena míelɔ̃a nɔviwo. Amesi ke melɔ̃a nɔvia o la, etsia ku me.