Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 16:4 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

4 woawo nye amesiwo tsɔ woawo ŋutɔ ƒe kɔwo ɖo anyi ɖe nye luʋɔ ta, amesiwo menye nye ɖeɖekoe le akpe dam na wo o, ke hame, siwo katã le trɔ̃subɔlawo dome hãe;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

4 Wotsɔ woƒe agbe de xaxa me ɖe tanye. Menye nye ɖeka koe le akpe dam na wo o, ke Kristo kple hame siwo katã le ame siwo menye Yudatɔwo o dome la hã le akpe dam na wo.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 16:4
17 Mawu Ofanana  

Ena nye futɔwo trɔ ʋume dem, eye metsrɔ̃ nye futɔwo gbidigbidi.


Eyata ale Yehowa gblɔ esi: Meɖo tame vɔ̃ ɖe ƒome sia ŋu, miaɖe ta le eme o, eye miadzɔ kã anɔ yiyim o, elabena ɣeyiɣi vɔ̃ɖi wònye.


Lɔlɔ̃ gã wu esia megale amea ɖeke si bena, woatsɔ eƒe agbe aɖo anyi ɖe xɔlɔ̃awo ta o.


amesiwo tsɔ woƒe agbe na ɖe mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe ŋkɔ la ta.


Eye wòyi ɖato Siria kple Kilikia hele ŋusẽ ɖom hameawo.


Azɔ ŋusẽ ɖo hameawo ŋu le xɔse me, eye woƒe xexlẽme le agbɔ sɔm ɖe edzi gbesiagbe.


Azɔ hame, si le Yudea kple Galilea kple Samaria katã la, kpɔ tomefafa, eye wotu wo ɖokui, eye wole zɔzɔm le Aƒetɔ la vɔvɔ̃ me; eye wosɔ gbɔ to Gbɔgbɔ kɔkɔe la ƒe akɔfafa me.


Miɖuɖɔ Priskila kple Akwila, siwo nye hanyedɔwɔlawo le Kristo Yesu me la, nam ƒã;


eye miɖuɖɔ hame, si le woƒe aƒe me la, nam ƒã. Miɖuɖɔ Epeneto, nye lɔlɔ̃tɔ, si nye kutsetse gbãtɔ na Kristo le Asia la, nam ƒã.


Elabena bebli hafi amea ɖe aku ɖe ame dzɔdzɔea ɖe ta; ame nyui la, ɖewohĩ amea ɖe ado dzi aku ɖe eta.


Ke le nudzɔdzɔ na ame kɔkɔeawo ŋuti, alesi meɖoe na Galatia-hamewo la, nenema ke miawo hã miwɔ.


Negbe alesi Aƒetɔ la ma na amesiame la alesi Mawu yɔ amesiamee la, nenema ke woazɔ, eye nenema ke meɖo le hawo katã me.


Elabena Kristo ƒe dɔwɔwɔ ŋuti wòde kuku ge ɖo kloe, eye wòtsɔ eƒe agbe ke, bene wòawɔ subɔsubɔdɔ, si susɔ ɖe mia ŋu la, nam ɖe mia teƒe.


Elabena miawo, nɔviwo, miezu Mawu hame, siwo le Yudea le Kristo Yesu me la, srɔ̃lawo; elabena miawo hã míekpe fu mawo ke tso mia ŋutɔwo mia dumeviwo gbɔ, abe alesi woawo hã wokpee tso Yudatɔwo gbɔ la ene;


Esi wokplɔ fia atɔ̃ siawo va Yosua gbɔ la, Yosua yɔ Israel-ŋutsuwo katã, eye wògblɔ na aʋakɔ la kplɔlawo, amesiwo ɖe aʋa la kplii bena: Mile va, eye miɖo afɔ ve dzi na fia siawo! Tete wote va, eye woɖo afɔ ve dzi na wo.


Esia me míedze si lɔlɔ̃a le bena, eyama tsɔ eƒe agbe ɖo anyi ɖe mía ta; eye ele na míawo hã bena, miatsɔ míaƒe agbe aɖo anyi ɖe mía nɔviwo ta.


Yohanes ŋlɔ ɖo ɖe hame adre, siwo le Asia la bena: Amenuveve kple ŋutifafa nana anyi kpli mi tso amesi li, eye wònɔ anyi, eye wòle vavagela gbɔ, eye tso gbɔgbɔ adre, siwo le eƒe fiazikpui ŋgɔ la gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa