Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 16:20 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

20 Ke ŋutifafa Mawu la agbã Satana ɖe miaƒe afɔwo te gudugudu kpuie. Mía Aƒetɔ Yesu ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã!

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

20 Esusɔ vie ŋutifafa ƒe Mawu la nagbã Satana ɖe miaƒe afɔ te gudugudu. Míaƒe Aƒetɔ Yesu ƒe yayra nava mia dzi.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 16:20
26 Mawu Ofanana  

Made adikã mia kple nyɔnu la dome, wò dzidzime kple nyɔnu la ƒe dzidzime dome, eya la agbã ta na wò, eye wò la àɖu afɔkpodzi nɛ.


Lé ŋku ɖe dadalawo katã dzi, te wo ɖe anyi, eye naho ame vɔ̃ɖiwo ɖa le wo teƒe!


Nye ɖeɖee fanya wein kple afɔ, eye dukɔwo dometɔa ɖeke mekpe ɖe ŋunye o. Ale menyã avuzi le wo dzi le nye dɔmedzoe me, eye mefanya wo le nye dziku me, eye woƒe ʋu hlẽ ɖe nye awuwo ŋu, eye nye avɔwo katã me gblẽ.


Woanɔ abe kalètɔwo ene ahafanya gbeɖuɖɔ le kpɔdomeewo le aʋa me; woawɔ aʋa, elabena Yehowa li kpli wo, eye sɔdolawo aɖu ŋukpe.


Tete Yesu gblɔ ne bena: Te ɖa le gbɔnye, Satana! Elabena woŋlɔ ɖi bena: „Aƒetɔ, wò Mawu la, nade ta agu na, eye eya ɖeka ko nasubɔ.“


Kpɔ ɖa, mena ŋusẽ mi be, míado afɔ dawo kple dzidegbewo kpakple ketɔ la ƒe ŋusẽ katã dzi, eye naneke meli, si awɔ vɔ̃ mi gbeɖe o.


Ke ŋutifafa Mawu la nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.


Gayo, si nye mía kple hame blibo la ƒe aƒetɔ la, ɖuɖɔ mi ƒã. Erasto, si nye du me gadzikpɔla, kple mia nɔvi Kuarto ɖuɖɔ mi ƒã.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve la nanɔ anyi kpli mi katã! Amen.


Gake le nusiawo katã me míeɖua dzi glo le amesi lɔ̃ mi la ŋuti.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi! Nye lɔlɔ̃ nanɔ anyi kpli mi katã le Kristo Yesu me! Amen.


Mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la, nɔviwo! Amen.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi! Amen.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kpli mi! Amen.


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nana anyi kpli mi katã! Amen.


Aƒetɔ Yesu Kristo nanɔ anyi kple wò gbɔgbɔ la! Amenuveve nanɔ anyi kpli mi!


Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple miaƒe gbɔgbɔ la!


Amesi ke le nuvɔ̃ wɔm la, eya tso Abosam me; elabena Abosam wɔa nuvɔ̃ tso keke gɔmedzedzea me ke. Esia ŋuti Mawuvi la ɖe eɖokui fia, bene yeagblẽ Abosam ƒe dɔwɔwɔwo.


Eye mese gbe gãa ɖe le dziƒo le gbɔgblɔm bena: Azɔ xɔname kple ŋusẽ kpakple fiaɖuƒe la zu mía Mawu la tɔ, eye ŋusẽ la zu eƒe Kristo la tɔ; elabena wotsɔ mia nɔviwo nutsola, si nɔa wo nu tsom le Mawu ƒe ŋku me zã kple keli la, ƒu gbe.


Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple ame kɔkɔeawo katã! Amen.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa