Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 15:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 elabena Kristo hã medze eɖokui ŋu o, hafi abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Amesiwo dzu wò la ƒe dzudzu va dze dzinye.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Kristo mewɔ nu be yeadze ye ɖokui ŋu o. Abe ale si Psalmokpala gblɔe ene la, “Eva be yeakpe fu, eye yeaxɔ dzudzu tso ame siwo tututu tsi tsitre ɖe Aƒetɔ la ŋu la gbɔ.”

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 15:3
19 Mawu Ofanana  

Enya nye vlododo, ŋukpe kple dzo; ŋkuwò me nye ketɔwo katã le.


Mezu amedzro na nɔvinyeŋutsuwo, kple ame manyamanya na danyeviwo.


Esɔ gbɔ na nusrɔ̃la, ne woazu abe eƒe nufiala ene, kple subɔla abe eƒe aƒetɔ ene. Ne woyi aƒetɔ la be Beelzebul la, aleke woahayɔ eƒe aƒemetɔwo a wui?


Eye esi wote yi ŋgɔ ʋee la, edze klo tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne ate ŋui la, na be, kplu sia nato ŋutinye ayi; gake la menye alesi nye ŋutɔ medi o, negbe alesi wòa nèdi ko.


Egayi zi evelia, eye wòdo gbe ɖa gblɔ bena: Fofonye, ne esia nu mate ŋu ayi o, wònye ɖeko manoe la, woawɔ wò lɔlɔ̃nu.


Nenema ke adzodala, siwo woklã ɖe ati ŋu kpe ɖe eŋuti la, hã dzui.


Ne mielé nye seawo me ɖe asi la, mienɔ nye lɔlɔ̃ la me, abe alesi nye hã melé Fofonye ƒe seawo me ɖe asi, eye menɔ eƒe lɔlɔ̃ la me ene.


Ɖe nyemewɔ do, siwo amea ɖeke mewɔ kpɔ le wo dome o la, ne nuvɔ̃ mele wo ŋu o; ke azɔ la wokpɔe, eye wolé mía kple Fofonye hã ɖe fu me.


Yesu gblɔ na wo bena: Nye nuɖuɖu enye bena, mawɔ amesi dom ɖa la ƒe lɔlɔ̃anu, eye mawu eƒe dɔwɔwɔ la nu.


Nyemele naneke wɔm le ɖokuinye si o; abe alesi mesena la, nenema ŋu medrɔ̃a ʋɔnu ɖo, eye nye ʋɔnudɔdrɔ̃ la le dzɔdzɔe, elabena nyemedia nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, ke boŋ amesi dɔm ɖa la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Elabena medi tso dziƒo va, menye bena mawɔ nye ŋutɔ nye lɔlɔ̃nu o, negbe amesi dɔm da la ƒe lɔlɔ̃nu ko.


Eye amesi dɔm ɖa la, li kplim, eye megblẽ nye ɖeka ɖi o: elabena nye la mewɔa nusi dzea eŋu ɖaa.


Elabena mienya mia Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve bena, kesinɔtɔ wònye hafi, ke mia ŋuti wòva da ahe ɖo, bene miawo la miato eƒe ahedada la me nazu kesinɔtɔwo.


Mina susu ma ke, si nɔ Kristo Yesu hã me la, nanɔ miawo hã mia me,


Ebɔbɔ eɖokui ɖe anyi, eye wòɖo to yiɖase ku me, yiɖase atitsoga ŋuti ku la me ke.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa