Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 15:29 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

29 Ke menyae bena, ne meva mia gbɔ la, mava kple Kristo ƒe yayra ƒe agbɔsɔsɔ blibo la.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

29 Meka ɖe edzi be ne meva la, Kristo ana yayra geɖem matsɔ vɛ na mi.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 15:29
11 Mawu Ofanana  

Àna menya agbemɔ la, dzidzɔ bɔ ɖe ŋkuwò me, eye vivisese le wò nuɖusi me tegbee.


Mayra woawo kple nye togbɛ ƒe nutowo me, eye mana tsi nadza ɖe edzaɣi, yayra ƒe tsi wòanye.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Ke azɔ esi teƒe megali nam le afisia nutowo me o, eye wòle dzroyem vevie ƒe geɖe enye si bena, mava mia gbɔ la,


bene mava mia gbɔ kple dzidzɔ to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, eye mia kple miawo míagbɔ ɖe eme.


Eye dziɖoɖoɖeŋu sia ŋuti meɖo tame bena, mava mia gbɔ gbã, bene míakpɔ amenuveve evelia,


Woakafu Mawu, si nye mia Aƒetɔ Yesu Kristo Fofo, amesi tsɔ gbɔgbɔ me yayrawo katã le dziƒonutowo me yra ɖe mia dzi le Kristo me,


eye bene miadze si Kristo ƒe lɔlɔ̃, si ƒo sidzedze la ta sa la, bene woayɔ mi taŋ, ne miade Mawu ƒe agbɔsɔsɔ blibo la katã nu.


nye amesi nye ame kɔkɔewo katã dome suetɔ la, wotsɔ amenuveve sia na, bene magblɔ Kristo ƒe kesinɔnu, si mele nyanya tsitsotsito o da afia le trɔ̃subɔlawo dome,


halase esime mí katã miade Mawuvi la dzixɔse kple sidzedze ƒe ɖekanyenye la gbɔ, azu ŋutsu blibo, eye míade Kristo ƒe tsitsime blibo la ƒe dzidzenu la gbɔ,


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa