Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 15:24 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

24 gbesigbe ke madze mo ayi Spania la, mava mia gbɔ; elabena mele mɔ kpɔm bena, ne mele afima mɔ tom la, mava kpo mi ɖa, eye miaɖom ɖa ayi afima, ne mia kpɔkpɔ naɖi ko nam ʋee hafi.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

24 Mele ɖoɖo wɔm be mayi Spania. Ne meyina la, matɔ ɖe Roma, eye ne menɔ anyi kpli mi le dzidzɔ me ɣeyiɣi kpui aɖe la, miagate ŋu ado mɔm.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 15:24
9 Mawu Ofanana  

Meganɔ afɔ ƒom hawòvi ƒe me, ne wò nu nagati kɔ nɛ, eye wòalé fu wò o.


Azɔ woawo la, esi hame la dɔ wo ɖa la, woto Foinike kple Samaria hele trɔ̃subɔlawo ƒe tɔtrɔŋutinya xlẽm fia. Eye wòzu dzidzɔ gã na nɔviawo katã.


Eye esi wowu nusiawo nu vɔ la, Paulo ɖo le Gbɔgbɔ la me be, yeaɖato Makedonia kple Axaya ayi ɖe Yerusalem hegblɔ bena: Ne mede afima megbe la, maɖakpɔ Roma hã ɖa tsã.


Eye wòva me bena, esi míewu ŋkekeawo nu vɔ la, miedzo, eye mieyi miaƒe mɔzɔzɔ la dzi, eye wo katã kple nyɔnuwo kpakple ɖeviwo ɖo mí ɖa, vaseɖe esime miedo go le dua me; eye míedze klo ɖe ƒuta hedo gbe ɖa;


eya nye bene, woafa akɔ nam le mia dome le xɔse, si nye mia kple mia tɔ siaa la me.


Azɔ la, ne mewu esia nu, eye metre nenem kutsetse sia nu na wo la, matso mia gbɔ ayi Spania.


eye bena mato mia gbɔ ayi Makedonia, eye magagbugbɔ tso Makedonia agava mia gbɔ, bena miaɖom ɖa mayi Yudea.


amesiwo va ɖi ɖase le wò lɔlɔ̃ ŋuti le hame la ƒe ŋku me, eye ne èɖo wo ɖa alesi dze Mawu ŋu la, ekema èwɔe nyuie.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa