Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 15:2 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

2 Mía dome amesiame nadze ehavi ŋu hena eƒe nyonyo, bene woatsɔe atu;

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

2 Mía dome ame sia ame nadze ehavi ŋu hena ehavi ƒe nyonyo kple tutuɖedzi.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 15:2
15 Mawu Ofanana  

Eyata azɔ minɛ míanɔ nusiwo nye ŋutifafatɔ kple nusiwo woatsɔ atu ame nɔewo la yome?


Woɖe nuwo katã ƒe mo na ame, ke menye nuwo katãe nyona na ame o; woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe doa ame ɖe ŋgɔgbe o.


Amea ɖeke nagadi ye ŋutɔ tɔ o, ke nusi nye ame bubu ta la boŋ.


abe alesi nye hã mele ɖiɖim bena, madze amewo katã ŋu le nusianu me, eye nyemedia nusi nyo na nye ŋutɔ o, ke nusi nyo na ame geɖeawo boŋ, bene woakpe agbexɔxɔ la ene.


mewɔa nusi medze o, media ye ŋuta tɔ o, mebia dzi o, mebua naneke vɔ̃ o;


Azɔ la alekee, nɔviwò? Ne mieva kpe ta la, hadzidzi kple nufiafia kple gbegbɔgblɔ kple nyaɖeɖefia kple gɔmeɖeɖe le mia dome amesiame si; woawo nuwo katã hena ŋgɔgbedede!


ke amesi le nya gblɔm ɖi la, eƒoa nu na amewo hegblɔa amedoɖeŋgɔgbenya, nuxlɔ̃menya kple akɔfafanyawo.


Fifia katã miele susum bena, míele mía ɖokui ta ʋlim le mia gbɔ. Míele nu ƒom le Mawu ƒe ŋku me le Kristo me; ke, lɔlɔ̃tɔwo, míele wo katã wɔm le miaƒe ŋgɔgbedede ta.


Elabena ne míawo míegbɔdzɔ, eye miawo miesẽ ŋu la, miekpɔa dzidzɔ, eye esia ŋuti míele kuku ɖem ɖo le miaƒe blibodede ŋuti.


bene woadzra ame kɔkɔewo do hena subɔsubɔ ƒe dɔwɔwɔ hena Kristo ƒe ŋutilã tutu,


Migana nya vloa ɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o, ke boŋ nya, si nyo na ŋgɔgbedede, ne ehiã la, bene wòana amenuveve amesiwo senɛ la.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa