Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 15:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Ke nɔvinyewo, nye ŋutɔ meɖo ŋu ɖe mia ŋu keŋ bena, míenye amesiwo dɔmenyonyo yɔ fũ, eye sidzedze yɔ mi taŋtaŋ, bene miate ŋu axlɔ̃ nu mia nɔewo hã.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Nɔvinyewo, menya be mienye ame nyanuwo kple ame nyuiwo, eye mienya nu siawo nyuie, ale be miate ŋu afia nu ame bubuwo tso wo katã ŋu.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 15:14
25 Mawu Ofanana  

bena miezu kesinɔtɔwo le nusianu me le eyama me, le nufiafia katã kple sidzedze katã me,


Elabena woto Gbɔgbɔ la dzi tso nunya ƒe nya na amea ɖe, ame bubu la sidzedze ƒe nya le Gbɔgbɔ ma ke nu,


Eye nenye ɖe nyagbɔgblɔɖi le asinye, eye menya nya ɣaɣlawo katã kple sidzedze katã, eye nenye ɖe xɔse katã le asinye, ale bena mate ŋu aɖe towo ɖa, ke lolo mele asinye o la, anye ne nyemenye naneke o.


Ke le trɔ̃wo ƒe vɔsawo ŋuti la mienyae bena, sidzedze li na mi katã. Sidzedze la doa ame ɖe dzi, ke lɔlɔ̃ la tua ame.


Ke nenye amea ɖe kpɔ wò amesi si sidzedze le la, nèbɔbɔ nɔ trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, menye ɖee ma nède dzi ƒo na amesi gbɔdzɔ la ƒe dzitsinya, bene wòaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsawo o mahã?


Ke menye amewo katã mee sidzedze sia le o; ke amea ɖewo li, siwo ƒe tamesusuwo gale trɔ ŋuti vaseɖe egbegbe sia, eye woɖunɛ abe trɔ̃wo ƒe vɔsa ene, eye esi woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ŋuti la, eyata woƒo ɖii.


Ke alesi miegba go le nusianu me le xɔse kple nya kple nunyanya kple veviedodo katã kple lɔlɔ̃, si mietsɔ lɔ̃ mi la me la, nenema ke miagba go le amenuveve sia me hã.


Mizɔ abe kekeliviwo ene! Elabena kekeli ƒe kutsetse la le dɔmenyonyo kple dzɔdzɔenyenye kple nyateƒe katã me.


bene dzɔdzɔenyenye ƒe ku, si wotsena to Yesu Kristo dzi la, nayɔ mi fũ hena Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu.


abe alesi wòdzo nam bena, masusu esia le mi katã mia ŋuti ene; elabena miele nye dzi me le nye kɔsɔkɔsɔwo kple nyanyuie la taʋiʋli kpakple kakaɖedzi la me; elabena mi katã míenye nye hagomekpɔlawo le amenuveve la me.


Mina Kristo ƒe nya la nanɔ mia me geɖe fũ, eye mitsɔ nunya sia nunya fia nu mia nɔewo, eye mixlɔ̃ nu mia nɔewo kple Psalmowo kple kafukafuhawo kpakple gbɔgbɔ me hawo, eye midzi ha le amenuveve me na Mawu le miaƒe dziwo me.


Eyata mifa akɔ na mia nɔewo, eye mido ŋusẽ mia nɔewo, abe alesi miewɔna hã ene.


Ke míele nu xlɔ̃m mi, nɔviwo: Migbe nya na nu baɖa wɔlawo, mifa akɔ na dzikatsoƒoetɔwo, mixɔ na gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo, migbɔ dzi ɖi na amewo katã.


Esiata hã miedoa gbe ɖa ɖaa le mia ta, bena mía Mawu nabu mi be, miedze yɔyɔ la, eye wòawu dɔmenyonyo ƒe ŋudzedze; katã kple xɔse ƒe do la nu le ŋusẽ me,


esi medo ŋku xɔse alakpa manɔmee, si le mewò, si na mamãwo Loide kple dawò Eunike me gbã la dzi, eye menyae pete be, ele wò hã mewò.


Esi meɖo dzi ɖe wò toɖoɖo ŋu ŋuti la, mèŋlɔe na wò; elabena menyae bena, awɔe woagbã dzi wu alesi megblɔ na wò.


Elabena ele na mi be, mianye nufialawo le ɣeyiɣi la ƒe didi nu; gake egahiã mí be, woagafia nusiwo nye Mawu ƒe nyawo ƒe gɔmedzenuwo mi, eye míezu abe amesiwo gahiã notsi ko, eye menye nuɖuɖu sesẽ o la ene.


Ke, lɔlɔ̃tɔwo, miekpɔ kakaɖedzi le mia ŋuti be, miaƒe nya anyo awu, eye wòate ɖe xɔxɔ ŋu, wònye míeƒo nu alea hafi.


Eyaŋuti nyemadzudzɔ ŋkuɖoɖo nusiawo dzi na mi akpɔ o, wònye mienyae, eye wona mieli ke ɖe nyateƒe, si li kpli mi la me hafi.


Nyemeŋlɔ ɖo ɖe mi, abe ɖe mienya nyateƒe la ene o, ke boŋ le esi mienyae, eye le esi aʋatsokakaa ɖeke metsoa nyateƒe me o la guti.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa