Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 14:3 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

3 Amesi dua nu la, nagaɖo vlo amesi meɖua nu o la o; eye amesi meɖua nu o la, nagadrɔ̃ ʋɔnu amesi ɖunɛ la o, elabena Mawu xɔe.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

3 Mele be ame siwo buna be enyo be woaɖu lã ma tɔgbi la nado vlo ame siwo mebuna nenema o. Ne mienye ame siwo meɖunɛ o la, migaɖe vodada na ame siwo aɖui o. Elabena Mawu xɔ wo be woanye ye viwo.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 14:3
20 Mawu Ofanana  

Elabena amekae ado vlo gɔmedzedze nyaŋui? Weakpɔ tsumikpe, si le Zerubabel si la, kple dzidzɔ, wo ame aɖre siawo nye Yehowa ƒe ŋku, siwo le tsatsam le anyigba blibo la dzi.


Mikpɔ nyuie, ne miagado vlo nenem ɖevi sue siawo dometɔ ɖeka o; elabena mele egblɔm na mi bena: Woƒe mawudɔla, siwo le dziƒowo la, le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe mo kpɔm ɖaasi.


Tete Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va egbɔ gblɔ bena: Nukaŋuti miawo kple farisitɔwo mietsia nu dɔna atraɖii, ke wò nusrɔ̃lawo metsia nu dɔna o mahã?


Eye wòɖo lo sia na amea ɖewo, siwo ɖo dzi ɖe woa ŋutɔwo ɖokui ŋu bena, yewonye ame dzɔdzɔewo, eye wobu ame bubuwo be, womenye naneke o la bena:


Tete Petro ke nu gblɔ bena: Medze sii le nyateƒe me be, Mawu mekpɔa ame ŋku me o,


Esi Petro gale nya siawo gbɔgblɔ dzi la, Gbɔgbɔ kɔkɔe la dze amesiwo katã le nya la sem la dzi.


Eye menye dɔmenyonyo via ɖe afimatɔwo wo na nu o; elabena wodo dzo, eye woxɔ mi katã ɖe egbɔ le tsidzadza kple vuvɔ ŋuti.


Elabena ne wo gbegbe la nye avuléle xexeme la, nuka anye woƒe xɔxɔ la, negbe agbe, si tso ame kukuwo dome mahã?


Ke amesi gbɔdzɔ le xɔse me la, mixɔe, gake menye bene miahe nya le tamesusu vovovowo ŋuti o.


Ke wò la, nukaŋuti nèdrɔ̃a ʋɔnu nɔviwò mahã? Alo wò hã, nukaŋuti nèdo vlo nɔviwò mahã? Elabena mi katã míava nɔ tsitre ɖe Kristo ƒe ʋɔnudrɔ̃zikpui la ŋgɔ.


Azɔ la migana miadrɔ̃ ʋɔnu mía nɔewo o, hafi midrɔ̃ ʋɔnu le nusia ŋuti boŋ bena, amea ɖeke nagatsɔ nukikli alo nuɖiaɖia ada ɖe nɔvia ƒe mɔ dzi o.


Ke ne nɔviwò le nu xam le wò nuɖuɖu ŋuti la, ekema megale zɔzɔm le lɔlɔ̃ la nu o. Megatsɔ wò nuɖuɖu tsrɔ̃ ame ma, si la Kristo ku ɖo la o!


Enyo bena, màɖu lã o, eye màno aha hã o, alo mawɔ nane, si nɔviwò klina alo wòɖia enu alo wògbɔdzɔna le eŋuti la o.


Eyaŋuti mixɔ mia nɔewo, abe alesi Kristo hã xɔ mi ene hena Mawu ƒe kafukafu.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa