Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 14:14 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

14 Menyae, eye mekpɔ kakaɖedzi le Aƒetɔ Yesu me bena, naneke menye kɔgblẽɖonu le eɖokui si o, negbe amesi ke bua nane kɔgblẽɖonu la, eyama wòzu kɔgblẽɖonu na.

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

14 Le nye ŋutɔ gome la, meka ɖe Aƒetɔ Yesu ƒe ŋusẽ dzi be naneke megblẽ le lã si wotsɔ sa vɔe na legbawo la ɖuɖu ŋu o. Ke ne ame aɖe ya xɔe se be menyo o la, ekema mele be wòaɖui o, elabena menyo le eya gbɔ o.

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 14:14
12 Mawu Ofanana  

Eye wokpɔ bena, eƒe nusrɔ̃laa ɖewo le abolo ɖum kple asi ƒoɖi, egɔme nye asi maklɔmaklɔe la;


Eye wògblɔ na wo bena: Mia ŋutɔwo mienya, alesi mele sea nu bena, Yuda-ŋutsua ɖe nabɔ ha kple dukɔ bubu me tɔa ɖe alo ava egbɔ o, eye nye la Mawu fiam bena, nyemagayɔ amea ɖeke be ame dzodzro alo ame makɔmakɔ o;


Ame ɖeka xɔna sena bena, yeate ŋu aɖu nusianu, ke amesi gbɔdzɔ la, ama ko wòɖuna.


Megagblẽ Mawu ƒe dɔwɔwɔ le nuɖuɖu ta o! Nusianu ŋuti kɔ hafi; gake la enye vɔ̃ na amesi ɖui le nuɖiaɖia me.


Ke amesi le ɖi kem, ne eɖui la, wobu fɔe, elabena èwɔ nusi metso xɔse me o; ke nusianu, si metso xɔse me o la, nuvɔ̃ wònye.


Nusianu, si wodzrana le lãƒleƒe la, miɖui faa, eye migabia eta se le dzitsinya ŋuti o.


Ke nenye amea ɖe kpɔ wò amesi si sidzedze le la, nèbɔbɔ nɔ trɔ̃xɔ me le nu ɖum la, menye ɖee ma nède dzi ƒo na amesi gbɔdzɔ la ƒe dzitsinya, bene wòaɖu trɔ̃wo ƒe vɔsawo o mahã?


Ke menye amewo katã mee sidzedze sia le o; ke amea ɖewo li, siwo ƒe tamesusuwo gale trɔ ŋuti vaseɖe egbegbe sia, eye woɖunɛ abe trɔ̃wo ƒe vɔsa ene, eye esi woƒe dzitsinya gbɔdzɔ ŋuti la, eyata woƒo ɖii.


Elabena Mawu ƒe nuwɔwɔwo katã nyo, eye womatsri naneke o, nenye be, woxɔe kple akpedada;


Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo; ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo la, naneke mele dzadzɛ na wo o, ke boŋ woƒe tame kple woƒe dzitsinya siaa ƒo ɖi.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa