Biblia Todo Logo
Baibulo la pa intaneti

- Zotsatsa -




Romatɔwo 14:11 - Biblia alo Ŋɔŋlɔ Kɔkɔe La Le Eʋegbe Me 1913

11 Elabena woŋlɔ ɖi bena; „Aƒetɔ la gblɔ be: Meta nye agbe: Woadze klo sia klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu me na Mawu.“

Onani mutuwo Koperani

Agbenya La

11 Elabena woŋlɔe ɖi be, “Yehowa be, ‘Zi ale si mele agbe la, ame sia ame adze klo nam, eye aɖe sia aɖe aʋu nya me na Mawu.’ ”

Onani mutuwo Koperani




Romatɔwo 14:11
15 Mawu Ofanana  

Fiawo katã aɖe ta agu nɛ, eye dukɔwo katã asubɔe.


Fɔ ka dzi nakpɔ nu godoo: Wo katã woƒo takpli gbɔna va gbɔwò! Yehowa be: Meta ɖokuinye ƒe agbe: Ado wo katã abe lekewɔnu ene, eye atso wo abla ali dzi abe ŋugbetɔ ene.


Yehowa be: Mefa ɖokuinye ƒe agbe: Ɖe wònye ŋkosigɛ nye Yuda-fia Xonya, Yoyakim vi la, le nye ɖusi la, anye ne maɖee aƒu gbe tso gama,


Eyata ale Aƒetɔ Yehowa gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe, esi netsɔ wò legbawo katã kple wò ŋunyɔnuwo katã gblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe ta la, ne magbe wò gbagbã gudugudu, nye ŋku akpɔ nublanui na wò, eye makpɔ tawo fi!


Eyata ale Yehowa Zebaot, Israel ƒe Mawu la, gblɔ esi: Metà ɖokuinye ƒe agbe: Ne Moab mazu abe Soɖom ene, eye Amon-viwo abe Gomora ene o fĩ! Woazu ŋuve, dzeʋe kple gbegbe tegbee; nye ɖukɔ ƒe susɔea aha wo, eye nye dukɔ ƒe mamlea atsɔ wo anyi domee.


Gake zi alesi mele agbe, eye Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe ayɔ anyigba blibo la dzi la, ayɔ anyigba blibo la dzi


Gblɔ na wo be, Yehowa ƒe numegbe enye si: Meta nye agbe be, mawo mi, abe alesi miegblɔ ɖe nye to me ene!


Azɔ amesiame, si aʋu menye le amewo ƒe ŋku me la, nye hã maʋu eyama me le Fofonye, si le dziƒowo la, ƒe ŋku me;


Elabena ne èʋua eme kple wò nu bena, Yesu ye nye Aƒetɔ la, eye nèxɔna sena le wò dzi me bena, Mawu fɔ eyama ɖe tsitre tso ame kukuwo dome la, akpɔ xoxo;


eye bena trɔ̃subɔlawo kafu Mawu le eƒe nublanuikpɔkpɔ ŋuti, abe alesi woŋlɔ ɖi ene bena: „Esiaŋuti makafu wò le trɔ̃subɔlawo dome, eye wò ŋkɔ la madzi kafukafuha na.“


Amesi ke ʋua me bena, Yesu ye nye Mawu Vi la, Mawu nɔa eme, eye eya hẽ nɔa Mawu me.


Elabena ameblela geɖe, siwo meʋua me bena, Yesu Kristo va le ŋutilã me o la, do go yi ɖe xexeame. Esiae nye ameblela kple Kristo ƒe futɔ la.


Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: Amen! Eye amegã xoxo blave vɔ eneawo tsyo mo anyi hedo gbe ɖa.


Titsatireni:

Zotsatsa


Zotsatsa